Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mika 6:14 - Agbenya La

14 Àɖu nu, ke màɖi ƒo o, eye dɔ anɔ wuwòm ɖaa. Àdzra nu gbogbowo ɖo, ke naneke masusɔ na wò o, elabena ne ɖe susɔ gɔ̃ hã la, matsɔe ade asi na yi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Àɖu nu, ke màɖi ƒo o, eye ɖɔ anɔ wuwòm ɖaa; ne èdzra nu ɖo la, ɖeke makpɔtɔ o, eye ne ɖe susɔ la, matsɔe ade asi na yi.

Onani mutuwo Koperani




Mika 6:14
15 Mawu Ofanana  

Gbedeasi tso gbemelã siwo le gbegbe la ŋuti. Le anyigba si dzi fukpekpe kple xaxa le, afi si dzatatsu kple dzatanɔ, fli kple da toaʋalawo le la, afi mae ame dɔdɔwo tsɔa woƒe nu xɔasiwo ɖoa tedziwo dzi kple woƒe kesinɔnuwo ɖoa kposɔwo dzi yina na dukɔ si mele ɖeke me o,


Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Nye dɔlawo aɖu nu, ke miawo la dɔ awu mi. Nye dɔlawo ano nu; miawo la, tsikɔ awu mi. Nye dɔlawo akpɔ dzidzɔ, ke miawo la woado ŋukpe mi.


Woavuvu nu le ɖusime, gake dɔ aganɔ wo wum, woaɖu nu le miame, gake womaɖi ƒo o. Ame sia ame aɖu eya ŋutɔ ƒe dɔmevi ƒe lã.


“Ame si si le ŋɔdzi nu la age adze ʋe globo la me, mɔka aɖe ame si te ŋu do le ʋe globoa me, elabena mahe toheɣi va Moab dzi.” Yehowae gblɔe.


Mia dome mama etɔ̃ ƒe ɖeka aku le dɔvɔ̃ ta alo atsrɔ̃ to dɔwuame me, mama etɔ̃ ƒe ɖeka bubu atsi yi nu le miaƒe gliwo godo, eye mama etɔ̃ ƒe ɖeka mamlɛa maka ahlẽ ɖe yawo nu, eye maɖe yi le aku me anya wo ɖe du nu.’


“Woaɖu nu, ke womaɖi ƒo o. Woawɔ gbolo, gake womadzi ɖe edzi o, elabena wogbe nu le Yehowa gbɔ,


Magblẽ miaƒe nuɖuɖu ƒe dzɔtsoƒe me, ale be abolokpo ɖeka pɛ ame abolo na ƒome ewo. Ne mieɖu nu sue si aka mia si vɔ la, dɔ agawu mi kokoko.


Mieƒãa nuku taŋtaŋ gake nuku ʋɛ aɖewo ko mieŋena. Mieɖua nu gake meɖia ƒo na mi o. Mienoa nu gake meɖia kɔ na mi o, mietaa avɔ gake medea dzo lãme na mi o. Miexɔa fetu ke ɖeko mietsɔnɛ dea kotoku ŋɔŋɔ me.”


Tsã la, ne miedzidze bli dzidzenu blaeve da ɖi eye emegbe ne mietrɔ yi ɖadzidzee la dzidzenu ewo ko wòtsina. Nenema ke, le wainfiaƒe, ne miedzidze wain ahago blaatɔ̃ da ɖi la, ahago blaeve ko wòtsina ne miegayi ɖadzidzee.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa