Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mika 6:12 - Agbenya La

12 Miaƒe kesinɔtɔwo yɔ fũu kple ŋutasẽse eye miaƒe dukɔmeviwo daa alakpa eye amebeble le aɖe dzi na wo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Elabena woƒe kesinɔtɔwo yɔ fũ kple ŋulasesẽ, duametɔwo ka aʋatso, eye alakpaɖe le nu me na wo.

Onani mutuwo Koperani




Mika 6:12
29 Mawu Ofanana  

O! Yehowa, ɖem, tso aʋatsonuyiwo kple alakpaɖewo ƒe asi me.


Womeƒoa nu ŋutifafatɔe o, ke boŋ woɖoa alakpa ƒe amenutsonyawo ɖi ɖe ame siwo le anyigba dzi kpoo la ŋuti.


Ke emegbe la, wotsɔa woƒe nu flunɛ, eye wotsɔa woƒe aɖe daa alakpa nɛ.


Wò dumegãwo zu aglãdzelawo kple fiafiwo xɔlɔ̃, wolɔ̃a zãnuxɔxɔ, eye wotia nunanawo yome. Womeʋlia tsyɔ̃eviwo ta o, eye ahosiwo ƒe nya medzɔna le woƒe ʋɔnu o.


Yerusalem le mumum sɔgɔsɔgɔ, Yuda le anyi dzem. Woƒe nyawo kple woƒe nuwɔwɔ tsi tsitre ɖe Yehowa ŋu. Wogbe eƒe ŋutikɔkɔe ƒe amegbɔnɔnɔ.


Israel ƒe aƒee nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ƒe waingble, eye Yuda ŋutsuwoe nye eƒe dzidzɔ ƒe wainka siwo wòdo. Ekpɔ mɔ na afia nyui tsotso, ke ʋukɔkɔɖi wòkpɔ; ekpɔ mɔ na nu dzɔdzɔe wɔwɔ, ke konyifavi koe ɖi.


Woƒe aɖe le abe aŋutrɔ si nu aɖi vɔ̃ɖi le la ene, elabena woƒoa nu bebletɔe, ame sia ame tsɔa eƒe nu ƒoa nu na ehavi bubutɔe, gake le eƒe dzi me la, etre mɔ ɖi nɛ.


Ne medi be mada gbe le Israel ŋu la, ekema Efraim ƒe nu vɔ̃wo dzea go, eye wokloa nu le Samaria ƒe nu vɔ̃wo dzi, elabena woblea ame, gbãa ʋɔ, fia fi, eye wodaa adzo le mɔtata dzi.


Baba na mi, nye amewo, elabena miegbem; mana woatsrɔ̃ mi, elabena miedze aglã ɖe ŋutinye! Medi vevie be maɖe wo, gake woda alakpa ɖe asinye.


Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Yuda ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena egbe nu le Yehowa ƒe seawo gbɔ, eye wògbe eƒe ɖoɖowo dzi wɔwɔ, ke boŋ ena eƒe alakpalegba siwo yome wo fofowo dze la kplɔe trae,


Miemlɔa nyiɖubawo dzi, eye miedrana ɖe zikpui bɔbɔewo dzi heɖina ɖe eme; alẽvi kple nyivi damitɔwoe woɖana na mi.


Le ŋkeke ma dzi la, mahe to na ame siwo katã tia kpo flɔa kpui siwo le trɔ̃xɔwo nu, eye woyɔa woƒe trɔ̃xɔwo me kple ŋutasesẽ kple beble.”


Eƒe kplɔlawo le abe dzata dɔwui si le gbe tem la ene. Woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo le abe amegaxi si lé nu le zã me, eye wòɖui vɔ keŋ hafi ŋu ke la ene.


Yudatɔ mamlɛawo xɔ ɖe Tertulo ƒe nyawo dzi be wole eme tututu abe ale si wògblɔe ene.


Woƒe ve me le abe yɔdo nuvowo ene; woƒe aɖewo srɔ̃ alakpadada. Aʋatsokaka yɔ aɖe dzi na wo. Ƒli ƒe aɖi le woƒe nuyiwo ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa