Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mika 6:1 - Agbenya La

1 Mise nya si gblɔm Yehowa le na eƒe dukɔ: “Tsi tsitre, nàgblɔ nya siwo nètsɔ ɖe ŋutinye. Towo kple togbɛwo nanye ɖasefowo na nya siwo nètsɔ ɖe ŋutinye.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Mise nya, si gblɔm Yehowa le: Tso nahe nya kple towo, eye togbɛwo nase wò gbe!

Onani mutuwo Koperani




Mika 6:1
22 Mawu Ofanana  

Mawu ŋusẽtɔ, Yehowa ƒo nu heyɔ takpekpe na anyigba la tso agudzedze va se ɖe esime ɣe ɖo to.


Eɖi ʋɔnu, eye wòyɔ dziƒo kple anyigba ne wòadrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ,


O! Dziƒo kple anyigba, miɖo to miase nya si gblɔm Yehowa le. Yehowa be: “Ɖevi siwo menyi hekplɔ wo kple beléle la dze aglã ɖe ŋunye.


Yehowa nɔ anyi ɖe enɔƒe le ʋɔnu. Etso be wòadrɔ̃ ʋɔnu ameawo.


Misee, miƒu to anyi, migado mia ɖokui ɖe dzi o, elabena Yehowae ƒo nu.


O anyigba, anyigba, anyigba, se Yehowa ƒe nya!


“Ame vi, gblɔ nya ɖi ɖe Israel towo ŋu, eye nàgblɔ be, ‘O! Israel towo, mise Yehowa ƒe nya.


“Ke miawo, O! Israel towo, miatse ku geɖewo na nye dukɔ Israel, elabena woƒe gbɔgbɔɣi tu aƒe.


Tete wògblɔ nam be, “Gblɔ nya ɖi na ƒu siawo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ƒu ƒuƒuwo, mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nya.


eye nàgblɔ be, ‘O Israel ƒe towo, mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nyawo. Esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ na towo kple togbɛwo, na agadowo kple balimewo: mele yi tsɔ ge ɖe mia ŋu, eye magblẽ miaƒe nuxeƒewo.


O Israel, se nya si Yehowa gblɔ tso mi ƒome blibo si wòkplɔ tso Egipte la ŋu ɖa.


Mi dukɔwo katã miɖo to nya sia, wò anyigba kple edzinɔlawo katã mise ɖa; Aƒetɔ Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe me eye wòtsɔ nya ɖe mia ŋuti!


Towo lolõ ɖe eƒe afɔ te, eye balimewo ma le eŋgɔ abe ale si bosomi lolõnae le dzo gbɔ ene; abe ale si tsi sina ne wòle aga ɖim ene.


Mlɔeba la, matrɔ nye dziku akɔ ɖe dukɔ siwo gbe toɖoɖom la dzi eye mabia hlɔ̃ wo.”


“Azɔ la, mi towo, miɖo to miase nya siwo Yehowa tsɔ ɖe mia ŋuti. Miɖo to, mi anyigba ƒe agunu mavɔwo, elabena Yehowa tsɔ nya ɖe eƒe dukɔ ŋuti eye wòtsɔ nya ɖe Israel ŋu.


Eɖo eŋu na wo be, “Nenye be ameawo zi ɖoɖoe hã la, kpewo atso aseye.”


Miɖo to, o, dziƒo kple anyigba! Miɖo to nye nyawo!


ekema dziƒo kple anyigba anye ɖasefowo be woatsrɔ̃ mi kaba le anyigba la dzi. Fifia, esusɔ vie miatso Yɔdan tɔsisi la, eye miaxɔ anyigba ma. Ke miaƒe ŋkekewo le afi ma anɔ kpuie, elabena woatsrɔ̃ mi keŋkeŋ.


Azɔ la, mitsi tsitre ɖe afi sia kpoo le Yehowa ŋkume ne maɖo ŋku nu nyui siwo katã wòwɔ na mi kple mia tɔgbuiwo la dzi na mi.


Samuel gblɔ na Saul be, “Ɖo to nàse nu si Yehowa gblɔ nam zã si va yi la me!” Saul bia be, “Nya kae wògblɔ?”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa