Eya ta ale Aƒetɔ, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Ŋusẽtɔ la gblɔe nye esi. “O! Makpɔ gbɔɖeme tso nye ketɔwo ƒe asi me, eye mabia hlɔ̃ nye futɔwo.
maɖo mi ɖi na yi, eye mi katã miado dɔgɔ̃e hena wuwu, elabena meyɔ mi gake mietɔ o. Meƒo nu gake mieɖo to o. Miewɔ nu tovo le nye ŋkume, eye mietia nu si metsri.”
Yakob ƒe ame mamlɛawo anɔ dukɔwo kple ame geɖewo dome abe dzata le lã wɔadã siwo le ave me kple dzatavi le alẽhawo dome ene. Dzatavi si le yiyim la, enyea avuzi hevuvua nu eye ame aɖeke mate ŋu axɔ nu le esi o.