14 Maho miaƒe aƒeli kɔkɔwo aƒu anyi eye magbã miaƒe duwo.
14 Eye mabia hlɔ̃ ɖukɔ, siwo gbe toɖoɖo la, le dɔmedzoe kple dziku me.
Woli aƒeliwo heli aƒeliwo ɖe togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi kple ati dama ɖe sia ɖe te.
ne woatsɔ abia hlɔ̃ dukɔwo, eye woatsɔe ahe toe na amewo,
ne woawɔ fɔ si wobu wo, woŋlɔ da ɖi ɖe wo ŋu la dzi. Esia nye eƒe ame kɔkɔewo katã ƒe ŋutikɔkɔe. Mikafu Yehowa.
Ke boŋ migbã woƒe vɔsamlekpuiwo kple woƒe legbawo eye miho woƒe aƒeliwo ƒu anyi,
Womagatrɔ ɖe woƒe vɔsamlekpui siwo woawo ŋutɔ wowɔ kple woƒe asiwo la ŋu o, eye womagabu aƒeli kple ɣelégba siwo woawo ŋutɔ wowɔ kple woƒe asiwo la o.
To esia me ko woalé avu Yakob ƒe vodadawo, eye esia anye kutsetse si ado tso eƒe nu vɔ̃wo ɖeɖe ɖa me. Eyae nye be wòagbã vɔsamlekpuiwo; woatu wɔ abe ɣe ene eye aƒeliwo ƒe dzudzɔʋeʋĩdoƒewo maganɔ anyi o.
Ke ne dukɔ aɖe meɖo to o la, mahoe keŋkeŋ, eye matsrɔ̃e gbidii.” Yehowae gblɔe.
Aƒetɔ la gblẽ Yakob ƒe nɔƒewo katã nublanuimakpɔmakpɔtɔe. Eye le eƒe dziku me wògbã Yuda vinyɔnu ƒe mɔ sesẽwo ƒu anyi. Egbã eƒe fiaɖuƒe kple eƒe dumegãwo ƒu anyi le vlododo me.
Yehowa de se tso wò Ninive ŋuti be: “Womayɔ wò ŋkɔ ɖe dzidzime aɖeke ŋuti o. Mafli miaƒe aklamakpakpɛwo, eye magbã legba siwo mieli ɖe miaƒe mawuwo ƒe gbedoxɔ me. Maɖe yɔdo na mi, elabena mieganyo na naneke o.”