Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mika 4:13 - Agbenya La

13 “Tsi tsitre, O Zion nyɔnuvi, eye nàtugu lu elabena mana wò dzo nanye gayibɔ, wò afɔkli nanye akɔbli eye nàgbã dukɔwo gudugudu.” Kɔ woƒe afunyinu ŋu na Yehowa kple woƒe kesinɔnuwo ŋu na anyigba katã ƒe Aƒetɔ la.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Zion-nyɔnuvi, tso nafanya nu! Elabena mana wò dzo nanye gayibɔ, eye wò afɔkli nanye akɔbli, ne nagbã dukɔ geɖewo gudugudu, eye nakɔ aboyonuwo ŋu na Yehowa kple woƒe kesinɔnuwo ŋu na anyigba blibo la dzi Aƒetɔ.

Onani mutuwo Koperani




Mika 4:13
28 Mawu Ofanana  

Anyigba kple nu siwo katã yɔ edzi, xexea me kple emenɔlawo katã nye Yehowa tɔ.


Le wò Yerusalem gbedoxɔ ta la, fiawo atsɔ nunanawo vɛ na wò.


Tarsis fia kple didiƒe ƒutatɔwo ahe adzɔ vɛ nɛ, eye Sieba kple Seba fiawo atsɔ nunanawo vɛ nɛ.


Ɣe ma ɣi la, dukɔ si dzɔ atsu ƒlalu, eye eŋu zrɔ̃ dredredre, dukɔ si wovɔ̃na le didiƒe ke, dukɔ si kli tsu, eye wònyaa avuzi le ame dzi, dukɔ si ƒe anyigba me tɔsisiwo to yi la, ahe nunanawo vɛ na Yehowa le Zion to la gbɔ, afi si wosubɔnɛ le.


O! Nye dukɔ si wogbã gudugudu le lugbɔƒe abe lu ene, megblɔ nu siwo katã Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la de asi nam be magblɔ la na mi.


Ke hã la, woatsɔ viɖe siwo wòkpɔ la na Yehowa. Womadzrae ɖo ɖe nudzraɖoƒe alo aɣlae o. Woatsɔ eƒe viɖe siwo wòkpɔ la na ame siwo nɔ agbe le Yehowa ŋkume be, woatsɔ aƒle nuɖuɖu geɖe kple nudodo nyuiwoe.


Woƒe datiwo le ɖaɖam, eye woku woƒe dawo me. Woƒe sɔwo ƒe afɔwo le abe dzosigbewo ene, eye woƒe tasiaɖamwo ƒe afɔwo le abe yali ene.


“Aʋawɔkpo kple aʋawɔnu nènye nam, wòe metsɔ kaka dukɔwoe, wòe metsɔ tsrɔ̃ fiaɖuƒewoe.


Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Babilonia vinyɔnu le abe lugbɔƒe si le lalam la ene; eye esusɔ vie nuŋeɣi naɖo nɛ.”


“Le fia mawo ƒe ɣeyiɣiwo me la, Mawu si le dziƒo la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi si magbã akpɔ gbeɖe o eye womagblẽe ɖi na ame bubuwo o. Agbã fiaɖuƒe mawo katã eye wòahe woƒe nuwuwu vɛ, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.


Efraim léa be na nyiviwo nyuie, eye blinyɔnyɔ hã dzɔa dzi nɛ; azɔ la matsɔ kɔkuti ade eƒe kɔ nyuie la, eye matsi ɖe tasiaɖam ŋu, Yuda aŋlɔ agble, eye Yakob adzobo anyigba


Yakob ƒe ame mamlɛawo anɔ ame geɖewo dome abe ahũ si dza tso Yehowa gbɔ kple agbafie si dzana ɖe gbe dzi, eye melalaa amegbetɔ alo kpɔa amegbetɔ ƒe asinu o la ene.


Èzɔ to anyigba dzi le wò dziku dziŋɔ la me eye nèɖo afɔ dukɔwo dzi kple dziku.


Gbe ma gbe ne dukɔ siwo katã le anyigba dzi ƒo ƒu ɖe eŋuti la, mawɔ Yerusalem wòanye agakpe si meʋãna o la na dukɔwo. Ame siwo katã adi be yewoamli agakpe sia la axɔ abi.


“Gbe ma gbe la, mawɔ Yuda ƒe kplɔlawo woanɔ abe dzoɖenu le nake si woƒo kɔe la dzi ene. Woanɔ abe akakati bibi le gbe ƒuƒuwo dome ene. Woabi ame siwo ƒo xlã wo, ɖusime kple miame siaa, ke Yerusalem ya anɔ te sesĩe.


Ale wògblɔ nam be, “Woawoe nye ame eve siwo wosi ami na be woasubɔ anyigba blibo la ƒe Aƒetɔ.”


Eɖo eŋu nam be, “Woawoe nye gbɔgbɔ ene siwo tso dziƒo, wonɔa anyigba la ƒe Aƒetɔ ŋkume ɖaa; ke azɔ la, edɔ wo ɖe dɔgbe.


Le Kɔsiɖa ɖe sia ɖe gbe la, ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ ga si wòkpɔ le kɔsiɖa me la ƒe akpa aɖe adzra ɖo, eye wòawɔ eŋu dɔ na nunana sia. Ga home la ku ɖe home si Aƒetɔ la kpe ɖe amea ŋu wòkpɔ la ŋu. Migalala va se ɖe esime mava afi ma hafi miadze agbagba be yewoadzɔ ga home la katã zi ɖeka o.


Woatsɔ gayibɔ kple akɔbli atu wò du ƒe agbowoe àkpɔ ŋusẽ le wò ŋkekewo katã me!


Ke woƒe klosalo kple sika katã kple nu siwo wowɔ kple akɔbli kple gayibɔ la, woakɔ wo ŋu na Yehowa, eya ta mitsɔ wo va de Yehowa ƒe nudzraɖoƒe la me.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa