Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mika 4:11 - Agbenya La

11 Ke azɔ la, dukɔ geɖewo wɔ ɖeka wɔ babla ɖe mia ŋuti; Wogblɔ be: “Mina míado gui eye míaƒe ŋkuwo natsa le Zion.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ekema ɖukɔ geɖewo aƒo takpli ɖe ŋuwò agblɔ bena: „Wogblẽ kɔ ɖo nɛ, eye míaƒe ŋkuwo aɖl ƒo ɖe Zion ŋu!“

Onani mutuwo Koperani




Mika 4:11
15 Mawu Ofanana  

Na be ame siwo katã tsri Zion la, nagbugbɔ ɖe megbe kple ŋukpe.


Wotsɔ tameɖoɖo ɖeka de adaŋu, eye wobla ɖe ŋuwò,


Ke menye esiae nye eƒe susu o, menye esia bum wòle o, eƒe taɖodzinue nye be yeagblẽ nu, eye yeahe dukɔ geɖewo ƒe nuwuwu vɛ.


O! Dukɔ geɖewo ƒe agbodzedze. Wodze agbo abe tɔ dzeagbo ene! O! Woƒe amewo ƒe hoowɔwɔ. Wole hoo wɔm abe tɔ dzeagbowo ƒe hoowɔwɔ ene.


Dukɔwo ƒe ameha siwo ho aʋa ɖe Ariel ŋu va dze eya ŋutɔ kple eƒe mɔ sesẽwo dzi, eye wòƒu kpo ɖe eŋu la, anɔ abe drɔ̃e alo ŋutega le zã me ene.


Ale le Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me, le ɣleti ewolia ƒe ŋkeke ewolia dzi la, Babilonia fia, Nebukadnezar ho kple eƒe aʋakɔ blibo la ɖe Yerusalem dua ŋuti. Woƒu asaɖa anyi ɖe gli la godo eye woƒu kpo ƒo xlã du la.


ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si: Metsi tsitre ɖe ŋuwò. O! Tiro, mana dukɔ geɖe naho ɖe ŋuwò abe ale si atsiaƒu naa eƒe ƒutsotsoewo dea dzi ene.


“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Menye wòe nye ame si ŋu meƒo nu tsoe le ŋkeke siwo va yi me to nye dɔlawo, Israel ƒe nyagblɔɖilawo dzi oa? Le ɣe ma ɣi me la, wogblɔ nya ɖi ƒe geɖewo be mana nàtso ɖe wo ŋu.


Gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe nɔviwòa dzi la, mele be wòazu ŋunyɔnu na wò o alo nàkpɔ dzidzɔ gbe si gbe wogbã Yuda gudugudu alo aƒo adegbe le gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e va wo dzi ŋu o.


Ekema nye futɔ akpɔe eye ŋu akpee. Eya ame si bia be, “Afi ka Yehowa wò Mawu la le?” Azɔ mekpɔ eƒe anyidzedze kple nye ŋkuwo kple ale si woanyamae abe ba ene.


Gbe ma gbe ne dukɔ siwo katã le anyigba dzi ƒo ƒu ɖe eŋuti la, mawɔ Yerusalem wòanye agakpe si meʋãna o la na dukɔwo. Ame siwo katã adi be yewoamli agakpe sia la axɔ abi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa