Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mika 3:7 - Agbenya La

7 Miaƒe nukpɔlawo aɖu ŋukpe eye woado ŋukpe miaƒe nukalawo. Woatsɔ asi atsyɔ mo elabena gbe aɖeke metso Mawu gbɔ na wo o.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ŋu-kpe alé nukpɔlawo, bokɔnɔwo ƒe mo atsi ɖã, eye wo katã woabla nu ɖe ge, elabena Mawu megale nya ŋu ɖom azɔ o.

Onani mutuwo Koperani




Mika 3:7
19 Mawu Ofanana  

Womegawɔa nukunu aɖeke na mí o; womegblẽ nyagblɔɖila aɖeke ɖi o eye mía dometɔ aɖeke menya ɣeyiɣi si nu sia nu ava yi o.


Akunyawɔlawo mete ŋu tɔ ɖe Mose ŋkume o, le ƒoƒoeawo ta, elabena ƒoƒoeawo te Egiptetɔwo katã.


Nyee gblẽa alakpanyagblɔɖilawo ƒe dzesiwo me, eye medoa abunɛ bokɔwo ƒe nukakawo, ame si ɖea nunyalawo le zi dzi, eye wòtrɔa woƒe nunya wòzua bometsitsi.


Tete wogblɔ be, “Miva, mina míaɖo nugbe ɖe Yeremia ŋu, elabena mele be nunɔlawo ƒe se la fiafia, nunyalawo ƒe aɖaŋudede alo nyagblɔɖilawo ƒe nyawo nabu o, eya ta miva míawɔ avu kplii kple míaƒe aɖewo, eye míado toku nu sia nu si wòagblɔ.”


Ɖe hũu ɖɔɖɔɖɔ; mègafa ame kukuwo o. Sa wò tablanu sesĩe, eye nàdo wò tokota; mègatsɔ nu bla wò glã loo alo nàɖu konyifalawo ƒe nuɖuɖu o.”


Miawɔ nu si mewɔ. Miatsɔ nu abla glã loo alo aɖu konyifalawo ƒe nuɖuɖu o.


“Ele na ame si wokpɔ be edze kpodɔ la be wòadze eƒe awuwo, ana eƒe taɖa nato ʋutuu, wòatsyɔ nu eƒe nuyi dziƒotɔ dzi, eye wòanɔ yiyim anɔ ɣli dom be, ‘Nye ŋuti mekɔ o, nye ŋuti mekɔ o!’


Aƒetɔ Yehowa be: “Ŋkeke li gbɔna esi dzi maɖo dɔwuame ɖe anyigba dzi, menye nuɖuɖu kple tsi ƒe dɔwuame o, ke boŋ Yehowa ƒe nyasese ƒe dɔwuame wòanye.


Ekema woado ɣli ayɔ Yehowa gake matɔ na wo o eye aɣla eƒe mo ɖe wo ɖe nu vɔ̃ si wowɔ la ta.


Dukɔwo akpɔe eye ŋukpe alé wo elabena woƒe ŋusẽwo katã nu ayi. Woatsɔ woƒe asiwo aɖo nu eye woƒe towo atsi.


“Gbe ma gbe la, nyagblɔɖila ɖe sia ɖe ƒe ŋutega si wòakpɔ la akpe ŋu nɛ. Magado nyagblɔɖilawo ƒe awu si wowɔ kple ɖa la be wòable amewo o.


Ale Saul bia Mawu be, “Ɖe míayi Filistitɔwo nyanya dzia? Ɖe nàkpe ɖe mía ŋu míaɖu wo dzia?” Ke Yehowa meɖo nya aɖeke ŋu le zã blibo la me o.


Samuel bia Saul be, “Nu ka ta nèɖe fu nam heyɔm vɛ?” Saul ɖo eŋu be, “Elabena meɖo xaxa gã aɖe me. Filistitɔwo gaho aʋa ɖe mía ŋu, ke Mawu gblẽm ɖi eye meɖo nya aɖeke ŋu to nyagblɔɖilawo dzi loo alo to drɔ̃ekuku me o. Eya ta meva yɔ wò be nàgblɔ nu si mawɔ la nam.”


Ebia nu si wòawɔ la Yehowa, ke Yehowa meɖo nya aɖeke ŋu nɛ to drɔ̃ekuku me, alo to Urim dzi loo alo to nyagblɔɖilawo dzi o.


Tsã ne woyina nu bia ge Mawu le Israel la, wogblɔna be, “Mina míayi nukpɔla gbɔ,” elabena ame si woyɔna fifia be nyagblɔɖila, eyae woyɔna tsã be nukpɔla.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa