Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mika 1:5 - Agbenya La

5 Nu siawo katã le dzɔdzɔm ɖe Yakob ƒe aglãdzedze ta, ele dzɔdzɔm ɖe Israel ƒe aƒe ƒe nu vɔ̃wo ta. Nu kae nye Yakob ƒe aglãdzedzea? Ɖe menye Samariae oa? Nu kae nye Yuda ƒe vɔsaƒewo? Ɖe menye Yerusalem ye oa?

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Yakob ƒe dzidadawo kple Israel ƒe aƒe ƒe nuvɔ̃wo tae nusiawo katã dzɔ ɖo. Yakob ƒe dzidada ɖe? Ɖe menye eya nye Samaria oa? Yuda ƒe nuxeƒe ɖe? Ɖe menye eyae nye Yerusalem oa?

Onani mutuwo Koperani




Mika 1:5
30 Mawu Ofanana  

Etu nuxeƒe aɖe gɔ̃ hã ɖe Amito la dzi le balime la godo tso Yerusalem, na Kemos, Moabtɔwo ƒe ŋunyɔmawu la eye wògatu bubu na Molek, Amonitɔwo ƒe ŋunyɔmawu la hã.


elabena Yehowa gblɔ nɛ be wòaƒo nu atsi tsitre ɖe vɔsamlekpui si le Betel la ŋu eye fiƒode si wòda ɖe nuxeƒe siwo le Samaria dzi la aɖi wo ŋu.”


Eƒle Samaria togbɛ la le Semer si hena klosalo kilogram blaadre eye wòtso du ɖe edzi. Etsɔ Semer, ame si si wòƒle togbɛ la le la ƒe ŋkɔ na du la be Samaria.


Esi wòxɔ ƒe wuiade le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enyilia me la, ede asi tɔgbuia David ƒe Mawu didi me eye le ƒe ene bubu megbe la, ede asi nu vɔ̃wo ɖeɖe ɖa me le Yuda kple Yerusalem. Egbã trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpuiwo eye wòho aƒeliwo le nuxeƒeawo.


Eya ŋutɔ ɖakpɔ ale si wogbã Baal ƒe vɔsamlekpui kple ale si womu aƒeli siwo nɔ vɔsamlekpui la tame la ƒu anyi kple ale si wogbã legbawoe eye wotu wɔ heʋuʋu ɖe ame siwo sa vɔ na legba mawo la ƒe yɔdowo dzi la teƒe.


Efraim ƒe tae nye Samaria, eye Samaria ƒe tae nye Remalia ƒe viŋutsu. Ne mienɔ te sesĩe le xɔse me o la, ekema mianɔ te hã o.’ ”


Ɖe menye miawo ŋutɔe he esia va mia ɖokui dzii esi miegbe Yehowa, miaƒe Mawu la esi wòkplɔ mi le mɔ dzi oa?


Miaƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ahe to na mi eye miaƒe megbedede aka mo na mi. Bu eŋu nàdze si ale si wòavɔ̃ɖi na wò, ahave wòe esi nègblẽ Yehowa, wò Mawu la ɖi, eye mèvɔ̃m o la ta.” Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.


“Mekpɔ bometsinu sia le nyagblɔɖila siwo le Samaria la dome. Wogblɔ nya ɖi le Baal ƒe ŋkɔ me eye wokplɔ nye dukɔ Israel trae.


Ke mekpɔ ŋunyɔnu sia hã le nyagblɔɖila siwo le Yerusalem la dome. Wole ahasi wɔm eye wole alakpa hã dam. Wodoa ŋusẽ nu baɖa wɔlawo be ne ame aɖeke nagaɖe asi le eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu o. Wo katã le nam abe Sodom ene. Yerusalem nɔlawo le abe Gomoratɔwo ene.”


“Wò ŋutɔ wò afɔɖeɖewo kple nuwɔnawoe he esia va dziwòe. Esiae nye wò tohehe. Aleke wòahave wòe! Aleke wòahaƒo ɖe wò dzii!”


Miaƒe nu tovowo wɔwɔe xe mɔ na nu siawo katã, eye miaƒe nu vɔ̃wo te nu nyuiwo mi.


Oo, anyigba, see. Mele gbegblẽ he ge va dukɔ sia dzi, esia nye woƒe tameɖoɖowo ƒe metsonu, elabena womeɖo to nye nyawo o, eye wogbe nye se dzi wɔwɔ.


Fiakuku ge le ta na mí. Baba na mí elabena míewɔ nu vɔ̃!


Nɔviwò nyɔnu tsitsitɔe nye Samaria, ame si nɔ wò anyiehe gome kple via nyɔnuwo. Nɔviwò nyɔnu ɖevitɔ, ame si nɔ miaƒe dziehe lɔƒo kple via nyɔnuwo la nye Sodom.


Ne medi be mada gbe le Israel ŋu la, ekema Efraim ƒe nu vɔ̃wo dzea go, eye wokloa nu le Samaria ƒe nu vɔ̃wo dzi, elabena woblea ame, gbãa ʋɔ, fia fi, eye wodaa adzo le mɔtata dzi.


Baba na mi, ame siwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ le Zion kple ame siwo susu be yewosu te le Samaria towo dzi, mi ame siwo nye ame veviwo kple ame ŋkutawo le Israel, ame siwo gbɔ dukɔ la xɔa aɖaŋu le.


“Woagbã Isak ƒe nuxeƒewo, Israel ƒe Kɔkɔeƒewo azu aƒedo, eye matso ɖe Yeroboam ƒe aƒe la ŋu kple yi.”


Ame siwo ta legba si le Samaria, eye wogblɔ be, ‘O Dan, meta wò mawu ƒe agbe alo meta Beerseba ƒe mɔ la adze anyi, eye womagafɔ akpɔ gbeɖe o.’ ”


Mi Lakistɔwo mitsi sɔwo ɖe miaƒe tasiaɖamwo ŋu. Wòe nye Zion nyɔnuvi ƒe nu vɔ̃ ƒe gɔmedzeƒe elabena wokpɔ Israel ƒe nu vɔ̃wo le mewò.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa