Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mika 1:13 - Agbenya La

13 Mi Lakistɔwo mitsi sɔwo ɖe miaƒe tasiaɖamwo ŋu. Wòe nye Zion nyɔnuvi ƒe nu vɔ̃ ƒe gɔmedzeƒe elabena wokpɔ Israel ƒe nu vɔ̃wo le mewò.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Laxistɔwo, mitsi sɔwo ɖe tasiaɖamwo ŋu! Elabena wòe nye Zion-nyɔnuvl ƒe nuvɔ̃ gãtɔ, eye gbɔwòe wokpɔ Israel ƒe dzidadawo le.

Onani mutuwo Koperani




Mika 1:13
27 Mawu Ofanana  

Mawudɔlawo gblɔ na wo be, “Miɖe abla miaɖe miaƒe agbe, eye migakpɔ megbe o. Misi yi toawo dzi, miganɔ gbadzaƒe le afi sia o. Ne menye nenema o la, miatsrɔ̃.”


Yehowa agblẽe ɖi le nu vɔ̃ si Yeroboam wɔ eye wòkplɔ Israel blibo la hã de nu vɔ̃ me la ta.”


Hekpe ɖe esiawo ŋu la, eɖe Yezebel, Sidon fia Etbaal ƒe vinyɔnu eye wòde asi Baal subɔsubɔ me.


eye wonaa ƒo kple aƒla fia la ƒe sɔwo hã.


Woɖo nugbe ɖe eƒe agbe ŋu le Yerusalem ale wòsi yi Lakis, ke eƒe futɔwo dɔ ame ɖa woyi Lakis ɖawui le afi ma.


Togbɔ be Fia Hezekia wɔ nu sia hã la, Asiria fia ɖo eƒe aʋafia, aʋakplɔlawo ƒe amegã, gadzikpɔlawo ƒe tatɔ kple asrafo siwo le gbedzi la ƒe amegã ɖa tso Lakis kple aʋakɔ gã aɖe ɖe Fia Hezekia gbɔ le Yerusalem. Esi wova ɖo Yerusalem la, woƒu asaɖa anyi ɖe mɔ gã la to le afi si woɖaa avɔ le le Dzigbeta la to.


Enye fia vɔ̃ɖi aɖe abe Ahab kple Israel fia bubuawo ene. Eɖe Ahab ƒe vinyɔnu eye wòwɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume.


Adoraim, Lakis, Azeka,


Le nu siawo megbe la Asiria fia Senakerib kple aʋakɔwo ɖe to ɖe Lakis du la, eye wòdɔ amewo ɖa be woagblɔ na Yuda fia Hezekia kple Yudatɔ siwo katã le afi ma be,


Àte ŋu ade kae ɖe agbleŋlɔnu ŋua? Alɔ̃ anɔ yowòme aŋlɔ balimea?


Mose bia Aron be, “Nu ka tututu ameawo wɔ wò be nèhe nu vɔ̃ triakɔ sia va wo dzi?”


Maglimae si, Gabimtɔwo ɣla wo ɖokui.


Emegbe la, Asiria fia dɔ eƒe aʋafia kple aʋakɔ gã aɖe tso Lakis ɖo ɖe Fia Hezekia le Yerusalem. Esi aʋafia la kple eŋumewo va tɔ ɖe Dzigbeta la ƒe tɔʋu to, le mɔ si ɖo ta avɔnyala ƒe nunyaƒe la,


Esi aʋafia la se be Asiria fia dzo le Lakis la, eya hã ho dzo, eye wòke ɖe fia la ŋu wònɔ aʋa wɔm kple Libna.


Metsɔ srɔ̃gbegbalẽ na nuteƒemawɔla Israel henyae ɖe eƒe ahasiwɔwɔwo katã ta, gake mekpɔ be nɔvia godzela Yuda mevɔ̃ o; eya hã yi ɖawɔ ahasi.


esime Babilonia fia le aʋa wɔm kple Yerusalem kple Yuda du siwo gale te nu, abe Lakis kple Azeka ene. Du siawo koe ganye du siwo ŋu gli sesẽwo nɔ le Yuda.


Du sia du lé du tsɔ esi wose sɔwo kple aŋutrɔdalawo ƒe hoowɔwɔ. Ame aɖewo yi ɖabe ɖe ave dodowo me, eye ɖewo lia agakpewo. Duwo katã me ɖi gbɔlo: ame aɖeke megale wo me o.


“Nɔvia nyɔnu Oholiba kpɔ nu sia, gake ede ŋgɔ le eƒe ŋutsuwo yometiti kple gbolowɔwɔ me wu nɔvia nyɔnu.


Nu siawo katã le dzɔdzɔm ɖe Yakob ƒe aglãdzedze ta, ele dzɔdzɔm ɖe Israel ƒe aƒe ƒe nu vɔ̃wo ta. Nu kae nye Yakob ƒe aglãdzedzea? Ɖe menye Samariae oa? Nu kae nye Yuda ƒe vɔsaƒewo? Ɖe menye Yerusalem ye oa?


eya ta Adoni Zedek, Yerusalem fia ɖo du ɖe fia siawo: Hebron fia, Hoham, Yarmut fia, Piran, Lakis fia, Yafia kple Eglon fia, Debir.


Lakis, Bozkat, Eglon,


Ke hã la, nya ʋɛ aɖewo le asinye ɖe ŋutiwò. Ame aɖewo le mia dome afi ma, ame siwo galé Balaam ƒe nufiafiawo me ɖe asi ko, ame si fia Balak be wòable Israelviwo nu woawɔ nu vɔ̃ to nuɖuɖu siwo wotsɔ sa vɔe na legbawo la ɖuɖu kple ahasiwɔwɔ me.


Ke hã la, mekpɔ nu sia le ŋutiwò; èɖe mɔ na nyɔnu ma, ame si woyɔna be Yezebel, ame si yɔa eɖokui be nyagblɔɖila. Ekplɔ nye dɔlawo trae to eƒe nufiafia me be woage ɖe ahasiwɔwɔ me, eye be woaɖu nu siwo wotsɔ sa vɔe na legbawo la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa