Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 9:23 - Agbenya La

23 Esi Yesu va ɖo amegã la ƒe aƒe me la, ekpɔ be amewo nɔ avi fam hoo, eye wonɔ kuteƒehawo hã dzim.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Ke esi Yesu va amegã la ƒe me, eye wòkpɔ dzekulawo kple ameha, siwo le ʋunyaʋunya wɔm la,

Onani mutuwo Koperani




Mateo 9:23
12 Mawu Ofanana  

Yeremia kpa konyifahawo na Yosia eye va se ɖe egbe la, hadzilawo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ɖoa ŋku Yosia dzi le konyifahawo me. Esia zu kɔnu le Israel eye woŋlɔ wo ɖe Konyifahawo me.


“Amegãwo kple ame gblɔewo siaa aku le anyigba sia dzi. Womaɖi wo alo afa na wo o, eye ame aɖeke maxa ɖe wo ta asi eɖokui alo alũ eƒe taɖa o.


Ɖe hũu ɖɔɖɔɖɔ; mègafa ame kukuwo o. Sa wò tablanu sesĩe, eye nàdo wò tokota; mègatsɔ nu bla wò glã loo alo nàɖu konyifalawo ƒe nuɖuɖu o.”


“ ‘Míedzi dzidzɔhawo na mi, gake miekpɔ dzidzɔ o, eya ta míedzi kuhawo, gake miefa konyi hã o!’


Wole abe ɖevi siwo ƒo ƒu ɖe asi me nɔ fefem la ene. Ame siwo gblɔ na wo nɔewo be, “ ‘Míeku dzidzɔkpẽ na mi, ke mieɖu ɣe o; eye míedzi konyifahawo na mi, ke miefa avi hã o.’


Nu si dzɔ la metso dzika ƒo na Paulo kura o, ke boŋ eɖi ɖe anyigba, kɔ ɖekakpui la ɖe eƒe abɔwo me, eye wògblɔ na ameha la be, “Migawɔ ʋunyaʋunya o, naneke medzɔ ɖe edzi o. Egale agbe.”


Petro lɔ̃ va Yopa. Esi wòva ɖo teti ko la, wokplɔe yi dziƒoxɔ dzi le xɔ si me wokɔ Dɔkas ƒe kukua mlɔe. Xɔa me yɔ fũu kple konyifalawo, ame siwo dometɔ geɖewo nye ahosi siwo Dɔkas lɔ̃ avɔ alo awu na le eƒe agbe me. Ɖe sia ɖe nɔ nu siwo Dɔkas wɔ nɛ la tsɔm fia nɔvia.


Kasaŋkuƒolawo, hadzilawo, dzekulawo kple kpẽkulawo la, womagase woƒe ŋkɔ le mewò akpɔ gbeɖe o. Nenema ke womagakpɔ asinudɔwɔla aɖeke tɔgbi le mewò akpɔ gbeɖe o. Womagase wɔtutewo ƒe wɔtutu le mewò akpɔ gbeɖe o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa