Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 9:16 - Agbenya La

16 “Womate ŋu atsɔ avɔnuɖeɖi yeye aka avɔ vuvu o. Ne wowɔe alea la, avɔ yeye la aho ɖa le teƒea, eye teƒe si vuvu la akeke ɖe edzi wu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eye amea ɖeke metsɔa avɔ matakpɔ ƒe nuɖeɖi hekaa avɔ xoxo o, elabena nuɖeɖi, si wotso kae la, aho avɔ la ɖe eɖokui ŋu, eye eƒe vuvu la awu tsãtɔ.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 9:16
11 Mawu Ofanana  

eya ta nye aƒetɔ, miawo mido ŋgɔ, eye míawo míadze mia yome ɖɔɖɔɖɔ ava tu mi le Seir.”


Ame vɔ̃ɖiwo ƒe fiatikplɔ manɔ anyigba si woka na ame dzɔdzɔewo la dzi o, ne menye nenema o la, ame dzɔdzɔewo ava tsɔ woƒe asi awɔ nu vɔ̃ɖii.


Anyi eƒe alẽhawo abe alẽkplɔla ene; alé alẽviawo ɖe abɔdome, alé wo ɖe eƒe akɔnu, eye wòakplɔ alẽnɔwo kple beléle.


Yesu hã bia wo be, “Ɖe wòle be ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃wo nanɔ konyi fam, atsi nu adɔ le esime wòle wo gbɔa? Ɣeyiɣi li gbɔna esime woakplɔe adzoe le wo gbɔ, eye le ɣe ma ɣi me la, woagbe nuɖuɖu atsi nu adɔ.


Nenema ke womekɔa aha yeye hã ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o. Ne wowɔ esia la, aha yeye la ƒe ŋusẽ awɔe be lãgbalẽgolo la nawo, eye aha la kple goe la katã dome agblẽ. Lãgbalẽgolo yeye ko me woate ŋu akɔ aha yeye ɖo. Ekema aha la kple lãgbalẽgolo la katã woanɔ dedie.”


“Menyo be woatsɔ avɔnuɖeɖi yeye aka avɔ vuvu o, elabena ne wowɔe alea la, avɔ yeye la aho ɖa le teƒe la, eye teƒe si vuvu la alolo ɖe edzi wu.


Azɔ Yesu do lo sia na wo be, “Ame aɖeke metsɔa avɔnuɖeɖi yeye kaa avɔ xoxo si vuvu lae o. Ne wotsɔ avɔnuɖeɖi yeye ka avɔ xoxo si vuvu la, menya kpɔna o; gawu la, enana be avɔa ƒe teƒe si woka la gavuvuna ɖe edzi wu tsã.


“Nya geɖe le asinye be magblɔ na mi, gake miate ŋu ase wo gɔme fifia o.


Nu etɔ̃e nɔa anyi ɖaa. Esiawoe nye xɔse, mɔkpɔkpɔ kple lɔlɔ̃, eye nu si ƒo wo katã ta lae nye lɔlɔ̃.


Ale miakpɔe be lɔlɔ̃nunana si nam miele la na ame kɔkɔe siwo le nu hiãm la kpɔ nu siwo le wo hiãm, eye woatsɔ akpedada blibo na Mawu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa