Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 6:12 - Agbenya La

12 Tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí abe ale si míawo hã míetsɔnɛ kea, ame siwo daa vo ɖe mía ŋuti la ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye natsɔ miaƒe vodadawo ake mi, sigbe alesi miawo hã míetsɔna kea amesiwo daa vo ɖe mia ŋuti la ene!

Onani mutuwo Koperani




Mateo 6:12
25 Mawu Ofanana  

Ɖo to wò subɔla kple Israelviwo ƒe kukuɖeɖe ne wodze ŋgɔ afi sia eye wodo gbe ɖa na wò. Ɛ̃, se woƒe gbedodoɖa le dziƒo si nye wò nɔƒe eye ne èsee la, ekema nàtsɔ nu vɔ̃wo ake.


ekema se woƒe gbe tso dziƒo eye nàtsɔ wò dukɔ, Israel ƒe nu vɔ̃ akee eye nàgbugbɔ wo ava anyigba si nèna wo fofowo la dzi.


ekema se woƒe gbedodoɖa tso dziƒo, wò nɔƒe, tsɔ woƒe nu vɔ̃wo ke wo eye nàkpe ɖe ame sia ame si ʋu eƒe nu vɔ̃ me na wò le nyateƒe me la ŋu elabena ènya ame siawo ƒe dzi me.


“Tsɔ wò amewo ƒe nu vɔ̃wo katã ke wo eye nàna ame siwo ɖe aboyo wo la nakpɔ nublanui na wo


Ke wò la, tsɔtsɔke le gbɔwò, eya ta wovɔ̃a wò ɖo.


Woayra ame si wotsɔ eƒe dzidadawo kee, eye wotsyɔ nu eƒe nu vɔ̃wo dzi.


ame si ɖea lɔlɔ̃ fiaa ame akpe nanewo, eye wòtsɔa ame vɔ̃ɖiwo kple aglãdzelawo ƒe nu vɔ̃wo kea wo, ke megbea tohehe na vodalawo o, eye wòhea to na ɖeviwo ɖe wo fofowo ƒe vodadawo ta tso dzidzime etɔ̃lia va se ɖe enelia dzi.”


“Miva, mina míade ŋugble ɖekae,” Yehowa gblɔe. “Togbɔ be miaƒe nu vɔ̃wo biã abe nyagãdzĩ ene hã la, woafu abe ɖetifu ene. Ne wobiã abe ʋu ene hã la, woafu abe alẽfu ɣi ene.


O Aƒetɔ, ƒu to anyi! O Aƒetɔ, tsɔe ke dzro! O Aƒetɔ, se nu eye nàwɔ nu! Le wò ŋutɔ ta, O nye Mawu, mègahe ɖe megbe o elabena wò Ŋkɔ le wò du kple wò amewo ŋu.”


esiae nye nye ʋu si wotsɔ tre nubabla yeye la nui. Wokɔe ɖi be ame geɖe nakpɔ nu vɔ̃ tsɔtsɔke to eme.”


Eɖo afi ma eteƒe medidi hafi ame aɖewo kɔ ŋutsu aɖe si le lãmetutudɔ lém la ɖe aba dzi vɛ o. Yesu kpɔ be ameawo ƒe xɔse de to ŋutɔ, eya ta egblɔ na dɔnɔ la be, “Vinye, wò dzi nedze eme, elabena wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.”


Gake ne miebe yewoado gbe ɖa la, mitsɔ ame siwo ƒe nyawo le dɔ me na mi la ke wo gbã be mia Fofo si le dziƒo hã natsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi. [


tsɔ mìaƒe nu vɔ̃wo ke mí le, esi míetsɔ ame siwo daa vo ɖe mía ŋuti la tɔwo ke wo ta, eye mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o.’ ”


“Aleke miebu tso ame wuienyi siwo dzi Siloam gbetakpɔxɔ la mu dze woku la ŋu? Woawoe nye nu vɔ̃ wɔla gãtɔwo wu le Yerusalem mahã?


“Migadrɔ̃ ʋɔnu ame aɖeke, eye Mawu hã nadrɔ̃ ʋɔnu mi o. Migabu fɔ ame aɖeke, eye Mawu hã nabu fɔ mi o. Mitsɔ amewo ƒe nu vɔ̃wo ke wo, eye Mawu hã natsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi.


Paulo yi eƒe nuƒoa dzi gblɔ na wo be, “Nɔvinyewo, miɖo to miase nya sia ɖa. Yesu sia tae woatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi.


Eƒe dɔmenyo la gbã go ɖe mía dzi ale gbegbe be wòɖe míaƒe nu vɔ̃wo katã ɖa to Via ƒe ʋu la me, ame si dzi wòto ɖe mí,


Miwɔ dɔmenyo, eye miakpɔ nublanui na mia nɔewo. Mitsɔ mia nɔewo ƒe nu vɔ̃wo ke abe ale si Mawu hã tsɔ nu vɔ̃ ke mí le Kristo me ene.


Mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ mia nɔewo ƒe vodadawo ke wo. Miɖo ŋku ale si Aƒetɔ la tsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ke mii la dzi, eye miawo hã miatsɔ ake mia nɔewo nenema ke.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa