11 Na nuɖuɖu si míaɖu egbe la mi.
11 Na miaƒe nuɖuɖu, si asu mía nu egbe la mí!
Nyemete ɖe aga tso eƒe nuyiwo ƒe sededewo gbɔ o, mede asixɔxɔ eƒe nyawo ŋu wu nye gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu.
Dɔ awu dzatawo, eye woagbɔdzɔ, gake ame siwo dia Yehowa ya la, kesinɔnu aɖeke mahiã wo o.
Te aʋatsokaka kple alakpa ɖa xaa tso gbɔnye, mègatsɔ ahedada alo hotsuikpɔkpɔ nam o, ke boŋ na nye gbe sia gbe ƒe abolo kom.
Esiae nye ame si anɔ kɔkɔƒe, eye eƒe bebeƒe anye mɔ sesẽ si le towo tame. Akpɔ abolo aɖu ɖaa, eye tsinono mahiãe o.
Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Woŋlɔe ɖi be, ‘Menye nuɖuɖu ɖeɖe ko ŋu amegbetɔ anɔ agbe ɖo o, ke boŋ nya sia nya si Mawu gblɔ la ŋutie.’ ”
Na nuɖuɖu mí gbe sia gbe,
Míele kuku ɖem na ame mawo katã, eye míele gbe ɖem na wo hã le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be woadze kɔ anyi, awɔ dɔ atsɔ akpɔ wo ɖokuiwo dzii.
Ke ne nuɖuɖu kple nudodowo le mía si la, mina woadze mia ŋu.
Azɔ Naomi ɖoe be yeatrɔ ayi ɖe aƒe le Israelnyigba dzi, elabena ese le Moab be Yehowa gave Israelviwo nu, ale be woƒe agblemenukuwo ganyo.