Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 5:22 - Agbenya La

22 Ke nye la, mele egblɔm na mi be, ame si ado dɔmedzoe ɖe nɔvia ŋu la, woakplɔe ayi ʋɔnui. Nenema ke ame si agblɔ na nɔvia be, ‘Mènyo na naneke o’ la, woahee va Sanhedrin la ƒe ŋkume. Ke ne ame aɖe agblɔ be, ‘Èdzɔ lã!’ la, ayi dzomavɔʋe la me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si le dɔmedzoe dom ɖe nɔvia ŋuti la, adze ʋɔnudɔdrɔ̃; eye amesi ke agblɔ na nɔvia bena takukutɔ la, adze daŋudede gã, eye amesi ke agblɔ bena lã la, adze dzomavɔʋemeyiyi.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 5:22
93 Mawu Ofanana  

Yosef nɔviwo de dzesi lɔlɔ̃ tɔxɛ si wo fofo tsɔ nɛ la, eya ta wolé fui, eye womeƒoa nu nɛ kple nɔvilɔlɔ̃ ƒe gbe o.


Nɔviawo gblɔ nɛ fewuɖutɔe be, “Ekema ɖe nèdi be yeazu fia ɖe mía dzia?” Ale wogalé fui ɖe edzi wu le eƒe drɔ̃e la kple eƒe nyawo ta.


Simei ƒo fi de David kple ɣli be, “Bu le afi sia, bu le afi sia, wò hlɔ̃dola kple ame vɔ̃ɖi!


David hã yi eƒe aƒe me eye wòyra eƒe aƒemetɔwo. Mixal va do goe eye wògblɔ na David fewuɖutɔe be, “Israel fia la de bubu gã aɖe ŋutɔ eɖokui ŋu egbe! Eɖe eɖokui fia nyɔnuviwo le ablɔ dzi abe yakame gbɔlo aɖe ene!”


Ale Ahab tsɔ dɔmedzoe kple moyɔyɔ trɔ yi eƒe fiasã me. Egbe nuɖuɖu, eye wòɖamlɔ anyi hetrɔ mo ɖo ɖe gli ŋu!


Asa do dɔmedzoe ɖe nyagblɔɖila la ŋu le nya si wògblɔ nɛ la ta eye wòdee gaxɔ me. Asa te ameawo katã ɖe anyi ɣe ma ɣi.


Eɖo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe du gãwo katã me le anyigba blibo la dzi


Meka mo na wo be, “Abe ale si ke ŋutete le mía si ene ko la, miegbugbɔ mía nɔvi Yudatɔ siwo wodzra ɖe dukɔ bubuwo me la ƒle. Ke azɔ la, miegale wo dzram ale be woagbugbɔ wo agadzra na mi!” Wo katã wozi ɖoɖoe, elabena womekpɔ nya aɖeke agblɔ o.


Wotsɔ fulényawo ƒo xlãm; wotso ɖe ŋunye nanekemawɔmawɔe.


Bometsila gblɔna le eƒe dzi me be, “Mawu aɖeke meli o.” Wonye ame tovowo, eye woƒe nuwɔnawo nye ŋunyɔnu; ame ɖeka hɔ̃ɔ hã mele wo dome si wɔa nu nyui o.


Ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe dziwò la, ŋu makpee akpɔ gbeɖe o; gake ŋu akpe ame siwo nye vivimenuwɔlawo.


Mègana ame siwo nye nye futɔwo la nakpɔ dziɖuɖu ƒe dzidzɔ ɖe ŋunye yakatɔe o, eye mègana ame siwo lé fum susumanɔmetɔe la nate ŋku ɖem kple vevesese o.


Ɖe asi le dziku ŋu, eye nàtrɔ megbe de wò dɔmedzoe, ŋɔ megadzi wò o, elabena nu vɔ̃ɖi me ko wòakplɔ wò ayii.


Ame sia ame kpɔe be nunyala kuna; bometsilawo kple abunɛtɔwo siaa tsrɔ̃na, eye wogblea woƒe kesinɔnuwo ɖi na ame bubuwo.


Ame siwo lé fum ɖe nanekemawɔmawɔ ta la sɔ gbɔ wu nye taɖa. Amewo lé fum yakatsyɔ, eye woti yonyeme be woatsrɔ̃m. Ale meɖo nu si nyemefi o la eteƒe dzizizitɔe.


ne mewɔ nu vɔɖi ɖe ame si li kplim le ŋutifafa me ŋuti alo meda adzo nye futɔ naneke mawɔmawɔtɔe la,


Numanyala menya esia o, eye bometsilawo mese egɔme o,


Nunyala léa fu vɔ̃ eye wòvɔa Yehowa, ke bometsila doa dziku kabakaba eye wòwɔa nu dzimagbɔɖitɔe.


Bometsila ƒe nuyiwo denɛ dzre me eye eƒe nu hea ƒoƒo vaa edzii.


Abe ale si koklo ƒoa azi si menye etɔ o ene la, nenemae wòanɔ na ame si ƒo kesinɔnuwo nu ƒu to mɔ fitifitiwo dzi. Kesinɔnuawo avɔ le esi le eƒe agbe me, eye le nuwuwu la, aɖee afia be yenye bometsila.


Ame siwo nye nye futɔwo madzemadzee la ɖem ɖe nu abe xevi ene.


Nebukadnezar do dɔmedzoe ŋutɔ eye wòɖo du ɖe Sadrak, Mesak kple Abednego. Ale wokplɔ ame siawo va fia la ŋkume.


Tete Nebukadnezar do dɔmedzoe vevie ɖe Sadrak, Mesak kple Abednego ŋu eye eƒe nɔnɔme ɖe wo ŋu trɔ. Eɖe gbe be woado dzo ɖe kpodzo la me wòaxɔ dzo zi adre wu ale si wòxɔa dzoe tsã.


Le esi nèsẽ ŋuta le nɔviwò Yakob ŋuti ta la, ŋukpe alé wò eye woatsrɔ̃ wò gbidii.


Gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe nɔviwòa dzi la, mele be wòazu ŋunyɔnu na wò o alo nàkpɔ dzidzɔ gbe si gbe wogbã Yuda gudugudu alo aƒo adegbe le gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e va wo dzi ŋu o.


Mikpɔ mia ɖokuiwo dzi nyuie le amewo ŋuti! Elabena woalé mi, adrɔ̃ ʋɔnu mi, eye woaƒo mi le woƒe ƒuƒoƒewo.


“Migavɔ̃ na ame siwo ate ŋu awu miaƒe ŋutilã, ke womate ŋu awu miaƒe gbɔgbɔ o la gbeɖe o! Mivɔ̃ Mawu ɖeka hɔ̃ɔ, ame si si ŋusẽ le be wòawu ŋutilã kple gbɔgbɔ la siaa le dzomavɔ me.


Esi Farisitɔwo se nukunu si Yesu wɔ la, wogblɔ le wo ɖokuiwo me be, “Ame sia tea ŋu nyaa gbɔgbɔ vɔ̃ le amewo me to Belzebul si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la ƒe ŋusẽ me.”


Esi wònɔ nya sia gblɔm la, lilikpo keklẽ aɖe va tsyɔ wo dzi, eye gbe aɖe ɖi tso lilikpo la me gblɔ be, “Ame siae nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si dzea ŋunye. Miɖo toe.”


Azɔ Petro te ɖe eŋu, eye wòbiae be, “Aƒetɔ, zi nenie nɔvinye ada vo ɖe ŋutinye, eye matsɔe akee? Zi adrea?”


“Alea tututu Fofonye si le dziƒo la hã awɔ na mi nenye be mietsɔ nu vɔ̃wo ke mia nɔewo tso miaƒe dzi me o.”


“Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Mietsana le anyigba dzi kple atsiaƒuwo dzi, ɛ̃, afi sia afi ko be miawɔ ame ɖeka wòazu Yudatɔ le xɔse me, eye ne ezui la, miewɔnɛ wòzua dzomavɔmevi zi gbɔ zi eve wu miawo ŋutɔ.


“Mi dawo! Dawo ƒe dzidzimeviwo! Aleke miawɔ asi le dzomavɔʋe ƒe fɔbubu nu?


“Azɔ matrɔ ɖe ame siwo le nye miame la ŋu agblɔ na wo be, ‘Mite ɖa le gbɔnye, mi ame siwo woƒo fi de la. Miyi dzomavɔ si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me,


Nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la gãwo nɔ nutsotso aɖewo dim le Yesu ŋu be yewoatsɔ abu fɔe eye yewoatso kufia nɛ,


Le ɣeyiɣi sia me tututu la, gbe aɖe ɖi tso dziƒo be, “Wòe nye vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, wò me mekpɔa ŋudzedze lena.”


gake nye ya, mele egblɔm na mi be, migata nu kura o, elabena ne ègblɔ be meta Dziƒo la, èdze agɔ, elabena dziƒoe nye Mawu ƒe nɔƒe.


Ke nye la, mele egblɔm na mi bena, milɔ̃ miaƒe futɔwo, eye mido gbe ɖa ɖe ame siwo tia mia yome la ta,


Nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la gãwo nɔ nutsotso aɖewo dim le Yesu ŋu be yewoatsɔ abu fɔe, eye yewoatso kufia nɛ, gake womete ŋu kpɔ nutsotso aɖeke o.


Esi ŋu ke ŋdi kanya la, nunɔlagãwo, dumegãwo, agbalẽfialawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo kpe ta be yewoade ŋugble le nu si yewoawɔ la ŋu. Woɖoe be yewoabla Yesu, aɖoe ɖe Pilato, ame si nye Romatɔwo ƒe mɔmefia, si nɔ Yudea dzi ɖum le ɣe ma ɣi me la gbɔ.


Gake magblɔ ame si wòle be miavɔ̃ la na mi, eyae nye Mawu ame si si ŋusẽ le be wòate ŋu awu ame atsɔe aƒu gbe ɖe dzomavɔ me.


Le ŋufɔke ŋdi kanya la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo, dumegãwo kple agbalẽfialawo va ɖi anyi, eye wokplɔ Yesu va woƒe ŋkumee.


Esi nunɔlagãwo kple Farisitɔwo se nya sia la, woyɔ Sahendriwo ƒe takpekpe. Wobia wo nɔewo be, “Nɔviwo, nu ka wɔ ge míala? Elabena ame sia le nukunu geɖewo wɔm.


Esia wu nya si wogblɔ le se la me be, ‘Wolé fum dzodzro’ la nu.


Ameha la ɖo eŋu nɛ be, “Wò la, gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò! Ame kae le didim be yeawu wò?”


Yudatɔwo ɖo eŋu nɛ be, “Ɖe menye nyateƒe wònye míegblɔ be Samariatɔ si me gbɔgbɔ vɔ̃ le lae nènye oa?”


Paulo dzro nya me kple xexemenunyala gã aɖewo siwo woyɔna be Epikurea kple Stoiktɔwo hã. Wo dometɔ aɖewo bia be, “Nu kae nukpoloeƒola sia le didim be yeagblɔ?” Ɖewo gblɔ be, “Ewɔ abe dutamawuwo ŋue wòle nu ƒom le ene.” Wogblɔ esia, elabena Paulo nɔ nyanyui la gblɔm ku ɖe Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi ŋuti.


Le ŋkeke evea gbe la, asrafowo ƒe amegã la ɖe Paulo le gaxɔ me, eye wòyɔ nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe amegãwo ƒo ƒu. Azɔ ekplɔ Paulo va wo ŋkume be yease nu si tututu le tɔtɔ sia hem vɛ la gɔme.


Paulo li ŋku ɖe takpekpea dzi gãa, eye wòƒo nu gblɔ be, “Nɔviwo, nye dzitsinya ka ɖe edzi nam be nye agbenɔnɔ dzea Mawu ŋu ɣe sia ɣi.”


Bia ame siawo le afi sia fifia ŋutɔ be esi wokplɔm yi Yudatɔwo ƒe takpekpe gã la me ɖe, vodada ka wokpɔ le ŋunye mahã. Nu si megblɔ si ɖewohĩ


Le esia ta la, wona wokplɔ Petro kple Yohanes do goe le xɔa me, ale be woate ŋu akpɔ mɔnu ade adaŋu le wo ŋu.


Esi ŋu ke la, apostoloawo va ɖo gbedoxɔ la me abe ale si wogblɔ na wo la ene, eye wodze nufiafia ameawo gɔme. Sẽe ko la, nunalɔgã la kple eŋumewo hã va ɖo gbedoxɔ la me. Woyɔ Israel ƒe takpekpe gã me nɔlawo ƒo ƒu ɖe woƒe takpeƒe, eye wodɔ asrafoawo be woaɖakplɔ apostoloawo tso gaxɔ la me vɛ ne yewoadrɔ̃ ʋɔnu wo.


Wokplɔ apostoloawo va ʋɔnudrɔ̃ƒe la ƒe ŋkume be nunɔlagã nabia gbe wo.


Ale wode zi ameawo, amegãwo kple agbalẽfialawo me. Wolé Stefano hekplɔe yi ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ŋkumee.


Esi nu siawo nɔ edzi yim la, ame siwo katã nɔ takpekpea me la kpɔ be Stefano ƒe mo trɔ, nɔ keklẽm abe mawudɔla tɔ ene.


“Mose ŋutɔ gblɔ na Israelviwo be, ‘Mawu ana nyagblɔɖila aɖe adzɔ tso mia nɔviwo dome abe nye ke ene.’


Mitsɔ dadaviwo ƒe lɔlɔ̃ lɔ̃ mia nɔewo, eye mide bubu mia nɔewo ŋu wu miawo ŋutɔ mia ɖokuiwo.


fiafitɔwo kple ŋubiãlawo kple ahamulawo, ameŋunyagblɔlawo kple amebalawo la, womanyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.


Ke nu ka ta wòle dzɔdzɔm le mia dome be kristotɔ nakplɔ nɔvia kristotɔ ayi ʋɔnu le dzimaxɔsetɔwo, ame siwo menya Mawu o la gbɔ?


Ame dahe aɖewo anɔ mia dome ɣe sia ɣi kokoko. Esia ta se sia le vevie ɖo. Ele be mianyo dɔ me, ado nu na wo.”


Ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo ɖe du siwo katã Yehowa miaƒe Mawu le mia nam la me. Woadrɔ̃ ʋɔnu le dukɔ la ƒe akpa ɖe sia ɖe me.


Esia hã nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu be ame aɖeke magaba nɔvia, axɔ srɔ̃a le esi gbeɖegbeɖe o, elabena Aƒetɔ la ahe to na mi nublanuimakpɔmakpɔtɔe ɖe nu vɔ̃ sia ta, abe ale si míegblɔe na mi kple ɖokuibɔbɔ va yi la ene.


Mele be woagblɔ nya vɔ̃ ɖe ame aɖeke ŋu loo alo awɔ dzre o, ke boŋ ele be woanye ame fafawo, eye woabu ame sia ame.


Mikpɔ nyuie be miagagbe toɖoɖo ame si le nu ƒom la o. Nenye be womete ŋu si, esi wogbe toɖoɖo eya ame si xlɔ̃ nu wo le anyigba dzi la nu o la, aleke míawo ya míate ŋu asii ne míegbe toɖoɖo ame si le nu xlɔ̃m mí tso dziƒo?


eye esi wowɔe blibo la, eva zu ɖeɖe mavɔ kpɔtsoƒe na ame siwo katã ɖoa toe.


Wò bometsila, ɖe nèle kakaɖedzi dim hafi anya be xɔse dɔwɔwɔ manɔmee nye xɔse kukua?


Aɖe ŋutɔ hã nye dzo; enye xexeme vɔ̃ɖi le ŋutinuwo dome. Egblẽa ameti blibo la dome. Etɔa dzo ame ƒe agbenɔnɔ blibo la, eye mlɔeba la, wòtɔa dzo eya ŋutɔ hã le dzomavɔʋe me.


Esi wodzui la, meɖo eŋu o, esi wòkpe fu la, meƒo fi de ame o, ke boŋ etsɔ eɖokui de asi na ame si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe.


Migatsɔ vɔ̃ ɖo vɔ̃ teƒe alo dzu ɖo dzu teƒe o, ke boŋ miɖo teƒe na wo kple yayra, elabena esia ta woyɔ mi vɛ ɖo be mianyi yayra ƒe dome.


Ne ame aɖe agblɔ be yele kekeli la me, gake wòléa fu nɔvia la, ekema ame sia gale viviti me kokoko.


To esia me míedea vovototo Mawu viwo kple Abosam ƒe viwo dome. Ame si mewɔa nu si le eteƒe o la menye Mawu vi o. Nenema ke ame si melɔ̃a nɔvia o la menye Mawu vi o.


Ne ame aɖe kpɔ be ye nɔvi wɔ nu vɔ̃ si ƒe fetu menye ku o la, nedo gbe ɖa, ale be Mawu naxɔe ɖe agbe. Mele esia gblɔm ku ɖe ame siwo ƒe nu vɔ̃ mehea ku vanɛ o la ŋuti. Nu vɔ̃ aɖe li si hea ame yia ku me, menye nu vɔ̃ sia tɔgbe ƒe nya gblɔm mele o.


Mawudɔlagã Maikel gɔ̃ hã, esi wònɔ nya hem kple Abosam tso Mose ƒe ŋutilã kukua ŋuti la, mete ŋu do dzi gblɔ nya vɔ̃ aɖeke ɖe eŋuti o, ke ɖeko wògblɔ be, “Aƒetɔ la aka mo na wò!”


Wotsɔ ku kple tsiẽƒe ƒu gbe ɖe dzota la me. Dzota siae nye ku evelia.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa