Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 4:16 - Agbenya La

16 miawoe nye ame siwo nɔ viviti me tsã, gake fifia la, Kekeli gã aɖe klẽ na mi. Mi ame siwo nɔ ku ƒe anyigba dzi, Kekeli klẽ na mi.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 dukɔ, si ke nɔ viviti me la, kpɔ kekeli gãa ɖe, eye amesiwo na ku ƒe anyigba dzi kple eƒe vɔvɔli me la, kekeli dze na wo.“

Onani mutuwo Koperani




Mateo 4:16
14 Mawu Ofanana  

anyigba si dzi zã do blukɔ kpekpekpe le, teƒe si nye blukɔ tsiɖitsiɖi kple tɔtɔ teƒe, afi si kekeli le ko abe viviti ene.’ ”


Viviti kple blukɔ tsiɖitsiɖi negaxɔe, lilikpo netsyɔ edzi eye blukɔ nedo ɖe eƒe kekeli dzi.


Teƒe doblukɔ alo teƒe doviviti tsiɖitsiɖitsiɖi aɖeke meli si nu tovo wɔlawo asi abe ɖo o.


Gake ègbã mí gudugudu hegble mí ɖe amegaxiwo dome, eye nètsɔ viviti tsiɖitsiɖi tsyɔ mía dzi.


Ke hã la, blukɔdodo ƒe ɣeyiɣi kple dziɖeleameƒo ƒe ɣeyiɣi manɔ anyi ɖikaa o. Tsã la, èbɔbɔ Zebulonyigba kple Naftalinyigba ɖe anyi. Ke le ɣeyiɣi siwo gbɔna me la, ade bubu dukɔ siwo le Ƒutamɔ dzi kple esiwo le Yɔdan godo la ŋu.


Dukɔ si le viviti me zɔm la kpɔ kekeli gã aɖe, ame siwo le blukɔ tsiɖitsiɖi ƒe anyigba dzi la, kekeli klẽ na wo.


Mitsɔ ŋutikɔkɔe na Yehowa, miaƒe Mawu la hafi wòahe viviti vɛ, hafi miaƒe afɔwo nanɔ nu klim le togbɛ dovivitiwo dzi. Miele mɔ kpɔm na kekeli, ke ana wòazu viviti tsiɖitsiɖi eye wòatrɔe wòazu blanuiléle ƒe blukɔ.


Midi ame si wɔ ɣletiviwo ƒe ha siwo woyɔna be atifieŋui, avu kple avutɔ, ame si trɔa viviti tsiɖitsiɖi wòzua kekeli, eye wòtrɔa ŋkeke wòzua zã. Eyae yɔa tsi tso atsiaƒu me be wòaho ayi dzi ahadza ɖe anyigba dzi. Aƒetɔ Yehowae nye eƒe ŋkɔ.


O nye futɔ, dzi megadzɔ wò le nye anyidzedze ŋuti o; togbɔ be medze anyi hã la, magafɔ ɖe tsitre! Ne menɔ anyi ɖe viviti tsiɖitsiɖi me hã, Yehowa ŋutɔ anye nye kekeli.


Eyae nye kekeli kple nyaɖeɖefia na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye wòanye ŋutikɔkɔe na Israel wò dukɔ hã!”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa