Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 4:13 - Agbenya La

13 ke egadzo le afi sia hã va Kapernaum si te ɖe Galilea ƒua ŋu le Zebulon kple Naftali nutowo me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye esi woʋu le Nazaret la, eva nɔ Kapernaum, si le ƒua nu le Zebulon kple Naftali-nutowo me,

Onani mutuwo Koperani




Mateo 4:13
17 Mawu Ofanana  

Eye mi Kapernaumtɔwo, ɖe woade bubu mia ŋuti le dziƒoa? Gbeɖe, woaɖo mi ɖe dzomavɔʋe la me, elabena ɖe wowɔ nukunu klitsu siwo wowɔ le mewò le Sodom la, ne womatsrɔ̃ dua o, ke boŋ anɔ anyi va se ɖe egbe.


Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo Kapernaum la, gbedoxɔmenudzɔlawo va Petro gbɔ, eye wobiae be, “Miaƒe Aƒetɔ menaa gbedoxɔmega oa?”


Yesu ƒe afi sia vava wu nya si Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ da ɖi la nu be,


“Mi Zebulon kple Naftali, mi anyigba siwo le ƒuta, kple anyigba siwo le Yɔdan tɔsisi la godo, va se ɖe ame siwo menye Yudatɔwo o la ƒe Galilea,


Yesu gatrɔ ge ɖe ʋua me, eye wòtso ƒua va Kapernaum, si nye wo dedu me.


Yesu kple ame siwo nɔ eŋu la va ɖo Kapernaum, eye woyi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe la le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi. Yesu fia nu amewo le afi ma.


Le ŋkeke aɖewo megbe la, Yesu gatrɔ yi Kapernaum. Esi wòɖo afi ma la, eƒe ŋkɔ ɖi hoo le du blibo la me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me.


Mi Kapernaumtɔwo, ɖe woade bubu mia ŋuti le dziƒoa? Gbeɖe, woaɖo mi ɖe dzomavɔʋe la me.”


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɖewohĩ miaɖo ŋku lododo sia adzi be, ‘Gbedala, da gbe le wò ŋutɔ ɖokuiwò ŋu’ esi gɔmee nye be, ‘Nu ka ta mèwɔ nukunuwo le wò ŋutɔ wò dedu me abe ale si nèwɔe le Kapernaum ene o?’


Esi srɔ̃ɖeŋkekenyui la wu enu la, Yesu kple dadaa, nɔviawo kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo yi Kapernaum, eye wonɔ afi ma ŋkeke ʋɛ aɖewo.


Yesu gava Kana le Galilea, afi si wòtrɔ tsi wòzu wain le la. Afi ma wòdo go aʋafia aɖe le. Ŋutsu sia ƒe vi le dɔ lém le Kapernaum.


Zã do vɔ keŋ, gake Yesu medo ta ɖa o, eya ta nusrɔ̃lawo ge ɖe ʋu aɖe me, eye wokui ɖo ta Kapernaum.


Esi ameawo kpɔ be Yesu alo eƒe nusrɔ̃lawo menɔ afi ma o la, woɖo ʋuawo heyi Kapernaum be yewoaɖadi Yesu.


Yesu gblɔ nya siawo esime wònɔ nu fiam le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Kapernaum.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa