Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 3:8 - Agbenya La

8 Miɖee fia to miaƒe agbe nyui nɔnɔ me be mietrɔ dzi me vavã.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Azɔ mitse ku, si dze dzimetɔtrɔ,

Onani mutuwo Koperani




Mateo 3:8
16 Mawu Ofanana  

Ke azɔ la, miɖɔ miaƒe mɔwo kple miaƒe nuwɔnawo ɖo eye miaɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la. Ekema Yehowa atrɔ eƒe susu eye mahe vɔ̃ si wògblɔ ɖi ɖe mia ŋuti la va mia dzii o.


Ɖewohĩ ne Yudatɔwo ase gbegblẽ siwo katã meɖo be mahe va wo dzii la, wo dometɔ ɖe sia ɖe atrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi; ekema matsɔ woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo kple nu vɔ̃ ake wo.”


elabena Yohanes Mawutsidetanamela gblɔe na mi be, midzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, eye miaku ɖe Mawu ŋu, gake mieɖo toe o. Ke ame vɔ̃ɖiwo kple gbolowo ɖo toe, eye wodzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ. Ke nu si vɔ̃ɖi wu lae nye be, esi miekpɔ be ame siawo dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ hã la, metsɔ fu le lãme na mi gɔ̃ hã be miawo hã miadzudzɔ o, ke boŋ miesẽ dzi me goŋgoŋgoŋ.


Gbã la, miyi ne miaɖee fia be yewotrɔ dzi me to agbe nyui nɔnɔ me. Migabu be nya vɔ̃ aɖeke madzɔ ɖe mia dzi, elabena mienye Abraham ƒe dzidzimeviwo ta o. Esia ɖeɖe menye naneke o, elabena Mawu ate ŋu ana kpe siawo natrɔ zu viwo na Abraham.


Gbã la, megblɔ nyanyui la na ame siwo le Damasko, eye tso afi ma la, meva Yerusalem kple Yudea nutowo me. Emegbe la, meyi ame siwo menye Yudatɔwo o dome, eye megblɔ na wo be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, atrɔ ɖe Mawu ŋu, eye woana woƒe nu nyui wɔwɔ nafia be wotrɔ dzi me vavã.


Tsã la, mienye viviti, gake azɔ la, mienye kekeli le Aƒetɔ la me. Minɔ agbe abe kekeli ƒe viwo ene.


(Elabena kekeli ƒe kutsetse nye dɔmenyo, dzɔdzɔenyenye kple nyateƒe),


Mitse dzɔdzɔenyenye ƒe ku si tso Yesu Kristo me la. Esiawoe ahe kafukafu kple ŋutikɔkɔe geɖe vɛ na Mawu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa