Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 3:15 - Agbenya La

15 Yesu gblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, de mawutsi ta nam ko, elabena ele nam be mawɔ nu siwo katã woɖo da ɖi la.” Ale Yohanes lɔ̃ de mawutsia ta nɛ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Ke Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ bena: Na mɔ azɔ, elabena nenema koe dze mí bena, míawu nu dzɔdzɔewo katã nu. Tete wòɖe mo nɛ.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 3:15
13 Mawu Ofanana  

Edze Yehowa ŋu le eƒe dzɔdzɔenyenye ta be, wòade gãnyenye kple bubu eƒe se ŋu.


gake Yohanes medi be yeade tsi la ta nɛ o, ke boŋ egblɔ nɛ be, “Medze be nye made mawutsi ta na wò o. Nye boŋ wòle be nàde mawutsi ta na.”


Wo kple evea wonye ame dzɔdzɔewo le Mawu ŋkume, eye wolé Aƒetɔ la ƒe sededewo kple ɖoɖowo me ɖe asi kpɔtsɔtsɔmanɔŋutɔe.


Kpɔɖeŋu wònye mena mi, eya ta miwɔ nu si mewɔ na mi la.


Ne miewɔa se siwo mede na mi dzi la, mianɔ nye lɔlɔ̃ la me abe ale si meɖo to Fofonye ƒe sededewo, eye menɔ eƒe lɔlɔ̃ la me ene.


Yesu gblɔ na wo be, “Nye nuɖuɖue nye be mawɔ Mawu, ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, eye mawu dɔ si wòdɔm la wɔwɔ nu.


Eya ame si dɔm la li kplim; magblẽm ɖi o, elabena mewɔa eƒe lɔlɔ̃nu ɣe sia ɣi.”


Ekema Yesue nye nunɔlagã ma si kpɔa míaƒe hiahiãwo gbɔ, ame si le kɔkɔe, kpɔtsɔtsɔ mele eŋu o, ame si le dzadzɛe, ame si woɖe ɖe aga tso nu vɔ̃ wɔlawo gbɔ, eye wokɔe ɖe dzi gbɔ dziƒowo ŋui.


ame si gblɔ be yele eya amea me la, nanɔ agbe abe ale si Yesu hã nɔ agbee ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa