4 Esi dzɔlawo kpɔe la, dzidzi ƒo wo, eye womu dze anyi heku ƒenyi.
4 ke dzɔlawo dzo nyanyanya, eye wozu abe ame kukuwo ene le ŋɔ, si wòdzi na wo la ŋuti.
vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya lém eye wona nye ƒuwo katã dzo kpekpekpe.
Dzidzi ƒo wo, eye wose veve abe nyɔnu si le ku lém la ene.
Nye, Daniel koe nye ame si kpɔ ŋutega la; ame siwo nɔ gbɔnye la mekpɔe o, gake vɔvɔ̃ ɖo wo ale gbegbe be wosi ɖaɣla wo ɖokuiwo.
Esi nyɔnuawo le gegem ɖe dua me la, asrafo siwo nɔ yɔdo la ŋuti dzɔm la ƒe ɖewo va nunɔlagãwo gbɔ hegblɔ nu si va dzɔ la na wo.
Mawudɔla la ƒe mo nɔ keklẽm abe dzikedzo ene, eye eƒe awuwo fu tititi abe ɖetifu ene.
Mawudɔla la ƒo nu na nyɔnuawo gblɔ be, “Migavɔ̃ o, elabena menya be Yesu si woklã ɖe ati ŋuti la dim miele,
Enumake gaxɔdzikpɔla la bia akaɖi; eƒu du yi ɖe eme, eye wòdze klo ɖe Paulo kple Silas ƒe afɔ nu le dzodzom nyanyanya.
Esi mekpɔe la, medze anyi ɖe eƒe afɔ nu abe ame kuku ene. Tete wòtsɔ eƒe nuɖusi da ɖe dzinye, eye wògblɔ be, “Mègavɔ̃ o. Nyee nye Gɔmedzedze kple Nuwuwu.