8 Eya ta woyɔa ameɖiƒe sia be, “Ʋubɔ” va se ɖe egbe.
8 Eyaŋuti woyɔ abɔ ma be ʋubɔ vaseɖe egbegbe.
Kpo siawo didi ale gbegbe be, woƒe nugbɔwo didi gbɔ aɖaka la ŋu, woate ŋu akpɔ wo tso xɔ emetɔ, Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la me, gake womate ŋu akpɔ wo le Kɔkɔeƒe la godo o. Wogale afi ma va se ɖe egbe.
Mlɔeba la, woɖoe be yewoatsɔ ga la aƒle abɔ aɖe si le afi si zemelawo kaa anyi le la, eye yewoatrɔe wòazu ameɖiƒe na amedzro siwo ku le Yerusalem la.
Ale asrafoawo xɔ ga la, eye wogblɔ nu si woɖo na wo be woagblɔ la. Nya la kaka ɖe Yudatɔwo dome gbẽe, eye woxɔe se va se ɖe egbegbe gɔ̃ hã.
Eƒe kunya sia kaka ɖe Yerusalem dua me kaba ŋutɔ ale wona ŋkɔ teƒe ma le wo degbe me be, Akeldoma si gɔmee nye Ʋunyigba.)
Yehowa ɖii ɖe Moabnyigba dzi, le balime si dze ŋgɔ Bet Peor, gake va se ɖe egbe la, ame aɖeke menya afi si yɔdo la le o.
Yosua hã kɔ kpe wuieve tu ŋkuɖodzikpe bubu ɖe Yɔdan tɔsisi la titina, le teƒe si nunɔlawo tsi tsitre ɖo. Ŋkuɖodzikpe sia gali egbegbe.
Ŋutsu la ʋu yi ɖe Hititɔwo ƒe anyigba dzi, afi si wòtso du ɖo hena ŋkɔe be Luz eye aleae woyɔnɛ va se ɖe egbe.