Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 27:6 - Agbenya La

6 Nunɔlagãwo va fɔ ga la le anyigba, eye wogblɔ be, “Míate ŋu atsɔ ga sia ade nudzɔɖaka la me o, elabena etsi tsitre ɖe míaƒe sewo ŋu be, míaxɔ ga si woxe ɖe ame aɖe ƒe ku ta la.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke nunɔlagãwo fɔ klosalo la gblɔ bena: Womeɖe mɔ bena, woatsɔe ade nudzɔdzɔ me o; elabena ʋuƒlegae.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 27:6
8 Mawu Ofanana  

“Elabena nye Yehowa, melɔ̃ nuteƒewɔwɔ. Metsri adzodada kple nu vɔ̃. Maɖo eteƒe na wo le nye nuteƒewɔwɔ me, eye mabla nu mavɔ kpli wo.


Mi kplɔla ŋkuagbãtɔwo! Mieɖea nudzodzoe suetɔ kekeake le miaƒe nunonowo me ƒua gbe, gake miemia miaƒe kposɔ ya.


Ale Yuda tsɔ ga la ƒu gbe ɖe anyigba le gbedoxɔ la me, eye wòyi ɖade ka ve na eɖokui.


Mlɔeba la, woɖoe be yewoatsɔ ga la aƒle abɔ aɖe si le afi si zemelawo kaa anyi le la, eye yewoatrɔe wòazu ameɖiƒe na amedzro siwo ku le Yerusalem la.


gake miawo la, miegblɔ be ame ate ŋu agblɔ na fofoa alo dadaa si hiã nane la be, nu si wòle be matsɔ na wò la nye kɔban (esi gɔmee nye, metsɔe na Mawu).


Ale Yudatɔwo kplɔ Yesu tso Kayafa gbɔ yi ɖe Roma mɔmefia ƒe aƒe mee. Esi ŋu ke ta la, ame siwo kplɔ Yesu ɖo la gbe be yewomage ɖe aƒea me o, elabena womedi be yewoagblẽ kɔ ɖo na yewo ɖokuiwo o; wodi be yewoaɖu Ŋutitotoŋkeke la.


Mègaxɔ nunana aɖeke tso gbolo aɖeke ƒe gboloho me alo tso ŋutsu siwo dɔa ŋutsuwo gbɔ la ƒe ahasiho me atsɔ na Yehowa o, elabena ame ƒomevi eve siawo nye ŋunyɔ na Yehowa, wò Mawu la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa