Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 26:11 - Agbenya La

11 Ame dahewo li kpli mi gbe sia gbe, ke nye la, nyemanɔ mia gbɔ tegbee o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Elabena ame dahewo la woli kpli mi ɖaa, ke nye la nyemeli kpli mi ɖaa o.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 26:11
16 Mawu Ofanana  

Elabena afi si ame eve alo etɔ̃ ƒo ƒu ɖo le nye ŋkɔ me la, manɔ wo dome.”


Yesu nya nu si bum nusrɔ̃lawo le, ale wògblɔ na wo be, “Migaɖe ɖeklemi kple nyɔnu la o, elabena nu nyui wònye wòwɔ nam.


Miafia nu nusrɔ̃la yeye siawo be woawɔ ɖe se siwo katã mede na mi la dzi, eye kakaɖedzi nenɔ mia si ɣe sia ɣi be meli kpli mi ɣe sia ɣi va se ɖe xexea me ƒe nuwuwu.”


Ame dahewo le mia dome ɣe sia ɣe eye miate ŋu ana kpekpeɖeŋu wo ɣe sia ɣi si mielɔ̃, ke nye la, nyemanɔ mia dome ɖaa o.


Ame dahewo anɔ mia dome ɖaa, ke nyemanɔ mia dome ɖaa o.”


“Vinye lɔlɔ̃awo, ɣeyiɣi kpui aɖe ko maganɔ mia gbɔ! Abe ale si megblɔ na Yudatɔwo ene la, miadim, gake miakpɔm o, eye afi si meyina hã la, miate ŋu ava o.


Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, xexea me tɔwo magakpɔm o, ke miawo ya, miakpɔm. Esi mele agbe ta la, miawo hã mianɔ agbe.


Fofo la gbɔe metso va xexea me, eye megatrɔ yina ɖe Fofo la gbɔ.”


“Azɔ medzo yina ame si dɔm la gbɔ, gake mia dometɔ aɖeke mebia be, ‘Afi ka nèyina?’ o.


Azɔ mele dzodzo ge le xexea me ava gbɔwò, gake wogale xexea me. Fofo kɔkɔe, kpɔ wo ta to wò ŋusẽ kple ŋkɔ me, ŋkɔ si nènam be woawɔ ɖeka abe ale si nye kpli wò miewɔ ɖekae ene.


Ɛ̃, abe ale si nyagblɔɖila kɔkɔewo gblɔe da ɖi xoxoxo ene la, ele be Yesu nanɔ dziƒo va se ɖe esime Mawu naɖɔ nu sia nu ɖo keŋkeŋkeŋ.


Nya si wogblɔ koe nye be míanɔ ŋku ɖom ame dahewo dzi, nu si medina be mawɔ ɣe sia ɣi.


Ame dahe aɖewo anɔ mia dome ɣe sia ɣi kokoko. Esia ta se sia le vevie ɖo. Ele be mianyo dɔ me, ado nu na wo.”


Ne xexemenuwo le ame aɖe si fũu, eye wòkpɔ nɔvia aɖe si nye hiãtɔ, eye mekpɔ nublanui nɛ o la, aleke woate ŋu akpɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ le eme?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa