Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 24:8 - Agbenya La

8 Ke esiawo katã anye nu siwo do ŋgɔ na fukpekpe gã siwo le vava ge la ko.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ke nenem nusiawo katã wonye fuɖuame ƒe gɔmedzedze.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 24:8
12 Mawu Ofanana  

Naneke masusɔ o, ke boŋ gamemewo kple ame siwo tsi aʋa ko, ke to esiawo katã megbe hã la, Yehowa ƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ko.


Aram tso ɣedzeƒe, eye Filistitɔwo tso ɣetoɖoƒe vuvu Israel kple nu siwo ke ɖi baa la. Togbɔ be esiawo katã dzɔ hã la, Yehowa ƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ɖe wo ŋu ko.


Eya ta Aƒetɔ la makpɔ dzidzɔ le ɖekakpuiwo ŋu alo ave tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo nu o, elabena wo katã wonye mawumavɔ̃lawo kple ame vɔ̃ɖiwo eye wo katã wogblɔa nya vlowo. Ke le esiawo katã megbe hã la, eƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ko.


Manase aɖu Efraim, eye Efraim aɖu Manase, wo kple eve la siaa woatso ɖe Yuda ŋu. Le esiawo katã megbe hã la, Yehowa ƒe dɔmedzoe nu metsi o, eye eƒe alɔ gale dzi ko.


Efraim se veve abe nyɔnu si le ku lém la ene, gake ele abe vi manyanu ene, elabena ne eƒe ɣeyiɣi de la, medoa ta ɖe vidzidɔ nu o.


Dukɔ atsi tsitre ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe atsi tsitre ɖe fiaɖuƒe ŋu, anyigba aʋuʋu le teƒe geɖewo, gawu la, dɔ ato le teƒe aɖewo, gake esiawo katã anye nu siwo do ŋɔ na fukpekpe gã siwo le vava ge la ko.”


“Gake hafi nu siawo katã nava dzɔ la, woaɖo asi mia dzi, eye woawɔ fu mi. Woahe mi ayi woƒe ƒuƒoƒewo kple gaxɔwo me, woakplɔ mi ayi ʋɔnui le fiawo kple mɔmefia gãwo gbɔe. Woawɔ esiawo katã ɖe mia ŋu le tanye.


ekema Yehowa ahe dɔvɔ̃ si nu matso o la va wò kple viwòwo dzi.


Esime amewo le gbɔgblɔm be, “Ŋutifafa kple dedinɔnɔ” li la, gbegblẽ ava ƒo ɖe wo dzi kpoyi abe ale si fu ɖua funɔe, eye mate ŋu asi le enu o ene.


Azɔ la, mi kesinɔtɔwo, miɖo to nyuie, mido ɣli, eye mifa avi le fukpekpe si gbɔna mia dzi va ge la ta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa