Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 24:6 - Agbenya La

6 Ne miese be aʋa dzɔ le afi aɖe, eye aʋaɣliwo le ɖiɖim la, migaɖi vo alo avɔ̃ o, elabena esia mefia be nye vava alo nuwuwu la ɖo o. Nu siawo adzɔ, gake nuwuwu la meɖo haɖe o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye miasa aʋa kple aʋaŋutiɣliwo; kpɔ ɖa, migaɖi vo o, elabena esiawo ava me tsã; gake nuwuwu la meɖo haɖe o.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 24:6
32 Mawu Ofanana  

Mavɔ̃ na nya vɔ̃ sese o, eƒe dzi li ke, eye wòkana ɖe Yehowa dzi.


Nyateƒe, Mawu nye nye xɔname. Maɖo dzi ɖe eŋu, eye nyemavɔ̃ o. Ɛ̃, Yehowae nye nye ŋusẽ kple nye hadzidzi, eye eyae zu nye xɔname


Gblɔ nɛ be, ‘Kpɔ nyuie, lé dzi ɖe ƒo, eye mègavɔ̃ o. Dzi megaɖe le ƒo wò le dzoti takpo eve siawo, Rezin kple Siria kpakple Remalia ƒe vi ƒe dziku sesẽ la ta o.


“Èdo ɣli be, ‘Ao, Yehowa ƒe yi, ɣe ka ɣi hafi nàgbɔ ɖe eme? Tɔ, trɔ yi ɖe wò aku me eye nànɔ anyi kpoo.’


“Eye wò, Ame vi, gblɔ nya ɖi be, ‘Alea Yehowa gblɔ tso Amonitɔwo kple woƒe amedzudzuwo ŋue nye esi: “ ‘Yi, yi, woɖee le aku me na amewuwu, wotutu eŋu wòle dzo dam abe dzikedzo ene hena nugbegblẽ.


Esi Fia Herod se nya sia la, dzika tso eya kple Yerusalem dua me nɔlawo katã ƒo.


Azɔ la, woagblɔ fiaɖuƒe la ƒe nyanyui sia le xexea me katã abe ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã ene, ekema nuwuwu la ava.”


Ke ne mewɔ nenema ɖe, aleke nya siwo woŋlɔ da ɖi le mawunya me siwo le dzɔdzɔm fifia hã la awɔ hafi ava eme?”


Elabena ne miele tsitre sesĩe la, ekema miaƒe luʋɔwo akpɔ ɖeɖe.


Eye ne miese be aʋa dzɔ, eye ʋunyaʋunyawo hã dze egɔme la, dzidzi megaƒo mi o. Nyateƒe ele be nu siawo nava me gbã, gake nuwuwua mava enumake o.


Elabena ɣeyiɣi la ɖo bena nya si woŋlɔ ɖi tso ŋunye la nava eme be, ‘Wowui ɖe nu vɔ̃ wɔlawo dome.’ Le nyateƒe me la, nya siwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ tso ŋunye la ava eme.”


Yesu yi edzi gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Migana vɔvɔ̃ naɖo mi, eye miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya o. Mixɔ Mawu dzi se, eye mixɔ nye hã dzinye se.


Mele ŋutifafa gblẽm ɖi na mi. Nye ŋutifafa metsɔ na mi. Menye xexea me tɔ ƒomevi o. Migana miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya o, eye migavɔ̃ o.


migana woatɔtɔ miaƒe susuwo bɔbɔe alo ado dzikatsoameƒo na mi kple nyagblɔɖiwo, nutsotsowo alo kple agbalẽ aɖe si wogblɔ be etso mía gbɔ hele gbɔgblɔm be Aƒetɔ la ƒe vavagbe la va yi xoxo o.


Tete sɔ bubu do go va; ebiã, eye adã le mo nɛ. Wona ŋusẽ edola be wòaɖe ŋutifafa ɖa le anyigba dzi, eye wòana amewo nawu wo nɔewo. Ale wotsɔ yi gã aɖe de asi nɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa