Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 24:13 - Agbenya La

13 Ke ame si anɔ te ase ɖe nuwuwu la, woaɖee.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ke amesi ke lado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lãkpɔ ɖeɖe.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 24:13
12 Mawu Ofanana  

Ame sia ame alé fu mi, elabena mienye tɔnyewo. Ke mia dometɔ siwo anɔ tsitre sesĩe va se ɖe nuwuwu la akpɔ ɖeɖe.


Nu vɔ̃ wɔwɔ axɔ aƒe ale gbegbe be, ame geɖewo ƒe lɔlɔ̃nu atsi.


Ne miese be aʋa dzɔ le afi aɖe, eye aʋaɣliwo le ɖiɖim la, migaɖi vo alo avɔ̃ o, elabena esia mefia be nye vava alo nuwuwu la ɖo o. Nu siawo adzɔ, gake nuwuwu la meɖo haɖe o.


Ke miawo la, ame sia ame alé fu mi elabena mienye tɔnyewo, gake meka ɖe edzi na mi be, ame siwo katã ado dzi va se ɖe nuwuwu la akpɔ ɖeɖe.


Elabena ne miele tsitre sesĩe la, ekema miaƒe luʋɔwo akpɔ ɖeɖe.


Ke anyigba nyui lae nye ame siwo se nya la kple dzi nyui si dza, eye wolé eme ɖe asi sesĩe, ale wotsea ku le dzigbɔɖi me.”


Ana agbe mavɔ ame sia ame si tsɔa dzidodo wɔa nu nyui eye wòdia ŋutikɔkɔe kple bubu kple agbe mavɔ si Mawu nana.


Ana mianɔ tsitre sesĩe va se ɖe nuwuwu, eye woakpɔ mi mokakamanɔŋutɔwoe le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkeke la dzi.


Ke míawo ya míele abe ame siwo de megbe, eye wotsrɔ̃ la ene o, ke boŋ míenye ame siwo xɔe se, eye míekpɔ ɖeɖe.


Ɖe míeva be míakpɔ gome le Kristo me, nenye be míelé dzideƒo si le mía si le gɔmedzedzea me la me ɖe asi sesĩe ko.


Ke Kristo nye viŋutsu nuteƒewɔla ɖe Mawu ƒe aƒe dzi, eye miawoe nye Mawu ƒe aƒe la, ne mielé dzideƒo kple mɔkpɔkpɔ si me míeƒoa adegbe le la me ɖe asi.


Mègavɔ̃ na fukpekpe siwo ava dziwò la o. Abosam ade mia dometɔ aɖewo gaxɔ me le ŋkeke siawo me be woate mi kpɔ. Woati mia yome ŋkeke ewo si nye ɣeyiɣi kpui aɖe. Nɔ nuteƒewɔwɔ dzi va se ɖe ku me gɔ̃ hã, eye mana agbefiakuku wò.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa