Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 23:7 - Agbenya La

7 Ne wole ablɔ dzi yina, eye amewo le ŋkɔ dam ɖe wo dzi be, ‘Nufiala’ kple ‘Aƒetɔ’ la, evivia wo nu ŋutɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 kpakple gbedoname le ablɔawo me, eye bena, amewo nayɔ wo be Rabi.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 23:7
19 Mawu Ofanana  

“Aleke magblɔ tso dukɔ sia ŋuti? Ame siawo sɔ kple ɖevi siwo le fefe fem hele gbɔgblɔm na wo nɔewo be,


“Migana woayɔ mi be ‘Rabi’ o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe Nufiala, eye mi katã la nɔviwo mienye.


Ke azɔ la, Yuda hã bia Yesu be, “Nufiala, nyee le nu sia wɔ gea?” Ke Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nɔvi, wò tututue le dɔ sia wɔ ge.”


Yuda zɔ tẽe yi ɖe Yesu gbɔ gblɔ nɛ be, “Medo gbe na wò, Nufiala,” eye wògbugbɔ nu nɛ.


Yesu biae be, “Nu ka nèdi be mawɔ na ye?” Ŋkuagbãtɔ la ɖo eŋu nɛ be, “Nufiala, medi be makpɔ nu.”


Kasia Petro ɖo ŋku nya si Yesu gblɔ na ati la dzi, eye wògblɔ be, “Kpɔ ɖa, Nufiala! Ati si nèƒo fi de la yrɔ!”


Yesu yi edzi gblɔ na ameawo be, “Mikpɔ nyuie le sefialawo ŋuti, elabena wolɔ̃a awu ʋlayawo dodo, eye wodina be amewo nado gbe na yewo ne yewole zɔzɔm le ablɔwo dzi.


Esi ameha la va ɖo teƒea teti ko la, Yuda Iskariɔt zɔ ɖe Yesu dzi hedo ɣli yɔe be, “Nufiala” eye wògbugbɔ nu nɛ.


Petro gblɔ na Yesu be, “Nufiala, enyo na mí be míanɔ afi sia. Mína míatu agbadɔ etɔ̃, ɖeka na wò, ɖeka na Mose, eye ɖeka na Eliya.”


“Baba na mi Farisitɔwo! Elabena mielɔ̃a bubuteƒenɔnɔ le miaƒe ƒuƒoƒewo, eye miedina be amewo nado gbe na yewo kple bubu tɔxɛ nenye be miezɔ to ablɔ dzi va yina.


Yesu trɔ kɔ kpɔ wo wonɔ eyome, eye wòbia wo be, “Nu ka dim miele?” Woɖo eŋu be, “Rabi” (si gɔmee nye “Nufiala”), “afi ka nènɔna?”


Nataniel gblɔ be, “Nufiala, wòe nye Mawu ƒe Vi la vavã. Wòe nye Israel ƒe fia la!”


Nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ be, “Nufiala, nyitsɔ laa ko Yudatɔwo di be yewoaƒu kpe wò le Yudea, nu ka ta nèdi be yeagayi afi ma ɖo?”


Yesu yɔe be, “Maria!” Enumake Maria trɔ ɖe Yesu ŋu, eye wòyɔe le Hebrigbe me be, “Raboni!” (si gɔmee nye “Nufiala”).


Eva Yesu gbɔ le zã me, eye wògblɔ nɛ be, Nufiala, menya be nufialae nènye tso Mawu gbɔ va. Elabena ame aɖeke mate ŋu awɔ dzesi wɔnuku siwo nèwɔna, ne Mawu meli kplii o.


Esia na be nusrɔ̃lawo va Yohanes gbɔ va gblɔ nɛ be, “Nufiala, ŋutsu si nèdo goe le Yɔdan tɔsisi la godo, ame si ŋuti nèɖi ɖase le hã le mawutsi dem ta na amewo, eye ame geɖewo le egbɔ yim.”


Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ɖe kuku nɛ bena, “Nufiala, va ɖu nu.”


Esi woɖo Kapernaum la, wokpɔ Yesu, eye wobiae be, “Nufiala, ɣe ka ɣi nèva ɖo afi sia?”


Nusrɔ̃lawo bia Yesu be, “Nufiala, ame kae wɔ nu vɔ̃, ŋutsu sia alo edzilawo ƒe nu vɔ̃wo tae wodzii ŋkuagbãtɔea? Eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃e wɔe be wòle alea loo alo edzilawo ƒe nu vɔ̃woe?”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa