Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 23:5 - Agbenya La

5 “Nu sia nu si wowɔna la, ɖe wowɔnɛ ko be yewoadze abe ame nyuiwo ene le gota. Woƒe mawunya kpukpui, ŋkuɖodzinu siwo wosana ɖe ŋgonu kple abɔ la kekena wua ame sia ame tɔ, eye wowɔa woƒe awutogbowo wololona be amewo nakpɔ be yewonye ame kɔkɔewo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye wowɔa woƒe nuwo katã, bena amewo nakpɔ wo; elabena wowɔa woƒe ŋkuɖodzinuwo wokekena, eye wowɔa woƒe awutogbowo wololona;

Onani mutuwo Koperani




Mateo 23:5
20 Mawu Ofanana  

Yehu gblɔ nɛ be, “Azɔ, va míyi eye nàkpɔ ale si mele dɔ wɔm kple dzoe na Yehowa ɖa.” Ale Yehonadab nɔ tasiaɖam la me kplii eye wodzo.


Ŋkeke sia ɖuɖu anɔ na mi abe dzesi ene le miaƒe asiwo kple ŋkuɖodzinu le miaƒe ŋgonu, ale be Yehowa ƒe se la anɔ miaƒe nu me, elabena Yehowa kplɔ mi do goe le Egipte kple asi sesẽ.


Lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ megate ɖa le gbɔwò gbeɖe o, tsɔ wo de kɔ eye nàŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe nuŋlɔkpe dzi.


eye wòagadoe kpɔ le ŋkeke adrea gbe. Ne teƒe la mekeke ɖe edzi o, ne fu si le afi ma ƒe amadede meɖi aŋuti ɖiɖi tɔ o, eye ne medze be dɔléle aɖee tso eƒe lãme ke o la,


Esime wonɔ mɔa dzi la, nyɔnu aɖe si nɔ ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ la va ka asi eƒe awu to,


Yesu gblɔ na wo be, “Miewɔa mia ɖokuiwo abe ame kɔkɔe deblibowo ene le amewo ƒe ŋkume, gake Mawu nya miaƒe dzimesusu vɔ̃ɖiwo.” Miaƒe alakpanuwɔwɔ na be amewo tsɔa bubu na mi, gake enye ŋunyɔnu le Mawu ƒe ŋkume.


Woxɔa ahosiwo ƒe aƒewo le wo si, eye wodoa kpɔkpɔ wo ɖokuiwo to gbe didiwo dodo ɖa me. Ame siawo tɔgbi axɔ tohehe sesẽtɔ.”


elabena wolɔ̃ amegbetɔ ƒe kafukafu wu Mawu ƒe kafukafu.


Aleke miawɔ axɔ se ne miexɔ kafukafu tso mia nɔewo gbɔ, gake miedzea agbagba be yewoaxɔ kafukafu tso Mawu ɖeka hɔ̃ɔ la gbɔ o?


Ame si le nu ƒom le eɖokui si la, ele kafukafu dim na eɖokui, gake ame si le didim be yeade bubu ame si dɔe ŋuti la, enye nyateƒetɔ, alakpa aɖeke mele eme o.


eya ta milé se siawo ɖe ta me. Mibla wo ɖe miaƒe asiwo ŋu ale be woanɔ ŋku dzi na mi, eye miawɔ wo dzi. Mibla wo ɖe miaƒe ŋgonu le miaƒe ŋkuwo dome.


“Ele be nàde gbo wò avɔ tsyɔtsyɔ ƒe dzogoe eneawo nu.”


Tsi wo ɖe wò asibidɛ ŋu abe dzesi ene, bla wo ɖe wò ŋgonu,


Nyateƒe wònye be ame aɖewo ɖea gbeƒã Kristo le ŋuʋaʋã kple dzrewɔwɔ ta, ke ame bubu aɖewo ɖea gbeƒã nya la kple dzitsinya nyui.


Miganye ɖokuitɔdilawo o; migawɔ nu be miadze ame bubuwo ŋu o. Mibɔbɔ mia ɖokuiwo, eye mibu ame bubuwo be wonyo wu mi.


Atsi tsitre ɖe mawu bubuwo ŋu, eye ayi aɖagbã nu siwo katã amewo subɔna la kple afi si wosubɔa wo le la gudugudu. Ayi aɖanɔ Mawu ƒe gbedoxɔ me abe Mawu ene, eye wòable amewo be yee nye Mawu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa