Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 23:12 - Agbenya La

12 Ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi la, woaɖiɖi wo ɖe anyi. Ke ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo ɖe anyi la, woado wo ɖe dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye amesi ke lado eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye amesi ke labɔbɔ eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 23:12
15 Mawu Ofanana  

Ne woɖiɖi amewo ɖe anyi, eye nègblɔ be, ‘Fɔ wo ɖe dzi!’ la, ekema woafɔ ame siwo wote ɖe anyi la ɖe dzi.


Togbɔ be Yehowa le dzi me ke hã la, ekpɔa ame dahewo gbɔ, ke edzea si dadala tso adzɔge.


Yehowavɔvɔ̃ fiaa nunya ame eye ɖokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu.


Ŋutsu si dana la ɖua ŋukpe, ke wobua ŋutsu si bɔbɔa eɖokui ɖe anyi le gbɔgbɔ me.


elabena ale ame si nye gã, eye wòkɔ wu nuwo katã, ame si li tegbee, eye eƒe ŋkɔe nye Kɔkɔe la gblɔe nye esi, “Mele teƒe kɔkɔ si le kɔkɔe, gake meli kple ame si ƒe nu vɔ̃wo vee, eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi le gbɔgbɔ me be magbɔ agbe ame si bɔbɔ eɖokui ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe ame si ƒe nu vɔ̃wo vee la ƒe dzi.


Ke azɔ la, nye Nebukadnezar, mekafu Dziƒo fia la, medoe ɖe dzi eye mede bubu eŋu elabena nu sia nu si wòwɔna la nɔa dzɔdzɔe eye eƒe mɔwo katã le eteƒe. Ame siwo zɔna dadatɔe la, etea ŋu bɔbɔa wo ɖe anyi.


eya ta ame si bɔbɔ eɖokui abe ɖevi sue sia ene la, eyae age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me.


“Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo da ahe le gbɔgbɔ me la, elabena wotsɔ dziƒofiaɖuƒe la na mi.


Ame sia ame si dina be ye ŋutɔ yeade bubu ye ɖokui ŋu la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye ame si abɔbɔ eɖokui la, woade bubu eŋu.”


Mele egblɔm na mi be nudzɔla sia trɔ yi aƒe me kple dzidzɔ, elabena Mawu tso afia nɛ. Ke wometsɔ Farisitɔ la ƒe nu vɔ̃ kee o, elabena woabɔbɔ dadalawo katã ɖe anyi eye woado ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la ɖe dzi.”


Ke ena amenuveve geɖe mí. Esia ta mawunya gblɔ be, “Mawu tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu, ke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la nu.”


Nenema ke, mi ɖekakpuiwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na ame tsitsiwo. Mido ɖokuibɔbɔ abe awu ene na mia ɖokuiwo, ale be miate ŋu asubɔ mia nɔewo, elabena, “Mawu tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu, ke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo la nu.”


Eya ta azɔ la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te, be ne ɣeyiɣi si wòɖo la de la, wòakɔ mi ɖe dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa