Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 22:44 - Agbenya La

44 “ ‘Mawu gblɔ na nye Aƒetɔ be: “Nɔ anyi ɖe nye nuɖusime va se ɖe esime matsɔ wò ketɔwo ade wò afɔ te.” ’

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

44 „Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ bena: Bɔbɔ nɔ anyi ɖe nye nuɖusi me, vaseɖe esime matsɔ wò ketɔwo aɖe wò afɔ te.“

Onani mutuwo Koperani




Mateo 22:44
20 Mawu Ofanana  

Tso azɔ dzi la, made fuléle wò kple nyɔnu la dome, eye fuléle ma ke anɔ wò dzidzime kple nyɔnu la tɔ dome. Eya la agbã ta na wò, eye wò la àɖu afɔkpodzi nɛ.”


Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ la be, “Nɔ anyi ɖe nye nuɖusime, va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔɖodzinui.”


Ne wò vavaɣi ɖo la, àwɔ wo abe kpodzo bibi ene. Yehowa ami wo le eƒe dɔmedzoe me, eye eƒe dzo afia wo katã.


Esime David yɔ Kristo la be, ‘Aƒetɔ’ ɖe, aleke wɔ wòganye via?”


Azɔ Yesu ɖo eŋu gblɔ be, “Ɛ̃, nye tututue, eye madidi o la, miakpɔ nye Amegbetɔ Vi la manɔ Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nuɖusime, eye matrɔ ava le dziƒo ƒe lilikpowo me.”


Esi Aƒetɔ Yesu wu nya siawo nu la, wokɔe dzoe yi dziƒo eye wòɖanɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime.


Azɔ le nye futɔ siwo tsi tsitre ɖe ŋunye, eye womedi be maɖu fia ɖe yewo dzi o la, mikplɔ wo va ŋkunyemee ne miatso ta le wo nu.’ ”


Toma gblɔ be, “Nye Aƒetɔ kple nye Mawu!”


Na Mawu ƒe hame si le Korinto, ame siwo ŋu wokɔ le Kristo Yesu me, eye woyɔ wo be woanɔ kɔkɔe la kple ame siwo katã le xexea me godoo siwo xɔ míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi se abe woƒe Aƒetɔ ene.


Eya ta Kristo aɖu fia va se ɖe esime wòaɖu eƒe futɔwo katã dzi,


Ɛ̃, azɔ la, ne metsɔ nu siawo katã sɔ kple viɖe gã si mekpɔ le Kristo Yesu, nye Aƒetɔ nyanya me la, womegaɖi naneke le ŋkunyeme o. Esia ta metsɔ nu mawo katã ƒu gbe, eye mebu wo aɖukpodzinuwoe, be nye asi nasu Kristo dzi,


Mawudɔla kae Mawu gblɔ na kpɔ be, “Bɔbɔ nɔ anyi ɖe nye nuɖusime va se ɖe esime mawɔ wò futɔwo woazu afɔɖodzinu na wò”?


Vi la klẽna kple Mawu ƒe ŋutikɔkɔe. Enye ame si ɖe Mawu ƒe nɔnɔme tututu fia, eye wòna agbe nuwo katã to eƒe ŋusẽnya la me. Esi wòklɔ nu vɔ̃wo ɖa vɔ la, enɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime le dziƒo.


Mina míakpɔ Yesu dzi, ame si nye míaƒe xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula, ame si le dzidzɔ si le ŋgɔ nɛ ta la, to atitsoga ƒe fu la me, eye mebui ŋukpee o. Ale wòyi ɖanɔ Mawu ƒe fiazikpui la ƒe nuɖusime.


Tete mekpɔ lã wɔadã la kple anyigbadzifiawo kple woƒe aʋakɔwo woƒo ƒu hena aʋawɔwɔ kple ame si le sɔ ɣi la dzi la kple eƒe aʋakɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa