Mateo 22:12 - Agbenya La12 “Fia la biae be, ‘Xɔ̃nye, aleke wɔ mèdo srɔ̃ɖewu hafi va afi sia o?’ Ke ŋutsu la ƒe nu tsi te, elabena menya nya si tututu wòagblɔ o. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191312 eye wògblɔ nɛ bena: Xɔ̃nye, aleke wɔ nèva afisia, eye medo srɔ̃ɖewu o mahã? Eye eƒe nu tsi te. Onani mutuwo |
Eya ta nɔvinyewo, mikpɔ nyuie be miaganɔ nya me tsom le ame aɖe ƒe dɔwɔwɔ ŋuti, hafi Aƒetɔ la nava, be ewɔe nyuie alo mewɔe nyuie o. Ne Aƒetɔa ŋutɔ va la, eƒe kekeli gã la aklẽ ɖe ame sia ame dzi gãa, ale be nu si mía dometɔ ɖe sia ɖe nye tututu le eƒe dzi me la adze nyuie. Ale ame sia ame anya taɖodzinu si tututu nɔ mía si hafi míenɔa kutri kum ɖe Aƒetɔ ƒe dɔa ŋu. Eye Mawu ŋutɔ ana kafukafu si dze la ame sia ame le ɣe ma ɣi me.