6 Nusrɔ̃la eveawo wɔ ɖe Yesu ƒe gbe dzi,
6 Ke esi nusrɔ̃lawo yi la, wowɔ abe alesi Yesu ɖo na wo la ene;
Ale Abram ʋu le wo de abe ale si Yehowa gblɔ nɛ ene. Ekplɔ Lot ɖe asi. Ɣe ma ɣi la, Abram xɔ ƒe blaadre-vɔ-atɔ̃ esi wòdzo le Haran.
Eye Noa wɔ nu sia nu abe ale si Mawu ɖoe nɛ ene.
Mose lé ŋku ɖe dɔ blibo la ŋu. Eyra ameawo, elabena wowɔ dɔ blibo la ɖe ale si Yehowa ɖo nɛ la nu pɛpɛpɛ.
Ale Mose de asi nu siwo katã Yehowa ɖo nɛ be wòawɔ la wɔwɔ me.
Ale mewɔ nu si wòɖo nam. Le ŋkeke me la, metsɔ nye nuwo do agbae na aboyomeyiyi. Le fiẽ me la, meŋɔ gli la kple nye asiwo. Esi blukɔ do la, metsɔ nye nuwo ɖe abɔta, do goe le ameawo ŋkume.
“Migblɔ na Zion vinyɔnuvi la be, ‘Wò Fia la gbɔna gbɔwò, edo tedzi kple tedzivi si nye dɔwɔlã!’ ”
eye woyi ɖakplɔ tedziawo vɛ nɛ. Azɔ wotsɔ woƒe awuwo ɖo ɖe tedziawo dzi, eye Yesu nɔ wo dzi.
Ne miewɔ ɖe nye sewo dzi la, ekema mienye xɔ̃nyewo.
“Evem ŋutɔ be meɖo Saul fiae elabena egagbe toɖoɖom.” Nya siawo wɔ dɔ ɖe Samuel dzi ŋutɔ eya ta wòfa avi na Yehowa to zã blibo la me.