Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 21:1 - Agbenya La

1 Esi wòsusɔ vie Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo naɖo Yerusalem la, wova ɖo du aɖe si woyɔna be Betfage si le Amito la ŋu la me. Le afi sia la, Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃la eve ɖo ɖe kɔƒe aɖe si le wo ŋgɔ la me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye esi wogogo Yerusalem, eye wova Betfage le Amito la ŋuti la, tete Yesu dɔ nusrɔ̃la eve

Onani mutuwo Koperani




Mateo 21:1
13 Mawu Ofanana  

Gbe ma gbe la, atsi tsitre ɖe Amito si le Yerusalem ƒe ɣedzeƒe la dzi, eye Amito la ama ɖe eve kpla, ɖeka ayi ɣedzeƒe, evelia ayi ɣetoɖoƒe. Bali gã aɖe anɔ wo dome ale be to la ƒe afã ayi anyiehe, eye afã ayi dziehe.


Woƒe nu wɔ nublanui na Yesu ŋutɔ, eya ta eka asi woƒe ŋkuawo ŋu. Ŋkuawo ʋu enumake, eye ameawo de asi nukpɔkpɔ me. Ale woawo hã kplɔ Yesu ɖo kple dzidzɔ gã aɖe.


Egblɔ na wo be, “Ne miege ɖe kɔƒea me ko la, miakpɔ tedzinɔ aɖe kple via le ka me. Mitu ka wo, eye miakplɔ wo vɛ.


Azɔ edzo yi ɖanɔ Amito la dzi. Nusrɔ̃lawo va egbɔ va biae be, “Aƒetɔ, ɣe ka ɣi nu siawo katã ava eme? Dzesi kawoe afia wò vava zi evelia kple xexea me ƒe nuwuwu?”


Esi Yesu ƒo nu vɔ la, wo katã wodzi ha, da akpe na Mawu eye wodo go yi Amito la dzi.


Azɔ eɖanɔ anyi ɖe Amito la dzi afi si dze ŋgɔ gbedoxɔ la. Petro, Yakobo, Yohanes kple Andrea koe nɔ egbɔ le afi sia. Wobiae be,


Le esia megbe la, wodzi ha, da akpe na Mawu eye wodo go yi Amito la dzi.


Yesu nɔ nu fiam le gbedoxɔa me gbe sia gbe, eye le fiẽ me la, etrɔna yia Amito la dzi, afi si wòdɔna le zã me,


Azɔ abe ale si Yesu wɔnɛ ɖaa ene la, edo go le dua me yi ɖe Amito la dzi. Eye eƒe nusrɔ̃lawo dze eyome.


Yesu dzo yi Amito la dzi.


Le nyadzɔdzɔ siawo megbe la, Apostoloawo ɖi tso Amito la dzi, afi si nu siawo dzɔ le la hetrɔ va Yerusalem si didi abe agbadroƒe ɖeka ko ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa