Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 20:5 - Agbenya La

5 Le ŋdɔ ga wuieve me la, egaɖo ame bubuwo hã ɖe agble la me, eye anɔ abe ga etɔ̃ me ene la, egaɖo ame bubuwo hã ɖa nenema ke.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ke egado go le gaƒoƒo adelia kple asiekelia me, eye wògawɔ nenema ke.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 20:5
15 Mawu Ofanana  

Ekplɔ woawo hã yi eƒe agble la me, eye wòdo ŋugbe na wo be yeaxe ga home si dze la na wo ne ŋkeke la wu nu.


“Ke esi wòƒo ɣetrɔ ga atɔ̃ la, egayi dua me, eye wògakpɔ ame aɖewo woli dɔ aɖeke mawɔmawɔe. Ebia wo be, ‘Nu ka ta mieli alea ko dɔ aɖeke mawɔmawɔe ŋkeke blibo la ɖo?’


Le ŋdɔ ma la, zãdokeli do ɖe anyigba la katã dzi gaƒoƒo etɔ̃ sɔŋ, tso ŋdɔ ga wuieve va se ɖe ɣetrɔ ga etɔ̃ me.


Yesu gblɔ na wo be, “Miva kpɔe ɖa.” Ale wokplɔe ɖo yi aƒe si me wònɔna la me, eye wonɔ egbɔ tso ɣetrɔ ga ene me va se ɖe fiẽ hafi dzo.


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Kekeli nɔa anyi gaƒoƒo wuieve le ŋkeke me, eye le ɣeyiɣi siawo me la, ame ate ŋu azɔ numaklimaklii, elabena ele xexe sia me ƒe kekeli kpɔm.


Yakob ƒe vudo la le afi sia. Vudo sia le anyigba si Yakob tsɔ na via Yosef la dzi. Le mɔ legbe si wòzɔ kple ɖeɖiteameŋu ta la, Yesu nɔ anyi ɖe vudoa gbɔ be yeadzudzɔ. Anɔ gaƒoƒo adelia me.


Gbe ɖeka abe ɣetrɔ ga etɔ̃ me ene la, ekpɔ ŋutega esime wònɔ gbe dom ɖa. Ekpɔ mawudɔla aɖe wògbɔna egbɔ. Mawudɔla la yɔe be, “Kornelio!”


Esi ŋu ke, le ŋdɔ me la, wonɔ tetem ɖe du la ŋu; ɣe ma yi la, Petro yi xɔta be yeado gbe ɖa.


Gbe ɖeka le ɣetrɔ ga etɔ̃ me la, Petro kple Yohanes woyina gbedoxɔ la me be yewoado gbe ɖa abe ale si wowɔnɛ ɖaa ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa