Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 2:2 - Agbenya La

2 “Afi ka Yudatɔwo ƒe fia yeye si wodzi la le? Míekpɔ eƒe ɣletivi le ɣedzeƒe ke, ale míeva be míasubɔe.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Afika Yudalawo ƒe fia, si wodzi la le? Elabena miekpɔ eƒe ɣletivi le ɣedzeƒe, eye mieva ta de ge agu na eyama esi.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 2:2
28 Mawu Ofanana  

“Meɖo nye ŋutɔ nye fia ɖe Zion, nye to kɔkɔe la dzi.”


Wò tugbedzedze wɔ dɔ ɖe fia la dzi ŋutɔ, eya ta de bubu eŋu, elabena eyae nye wò aƒetɔ.


Dukɔwo ava wò kekeli la gbɔ, eye fiawo ava wò agudzedze ƒe keklẽ la gbɔ.


Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna esime mana atilɔ dzɔdzɔe, aɖe nadze atso David ƒe ƒome me, anye fia si aɖu fia le nunya me eye wòawɔ nu si le eteƒe kple nu si le dzɔdzɔe le anyigba dzi.


Ke boŋ woasubɔ Yehowa, woƒe Mawu la kple woƒe fia David, si maɖo na wo.


Dzi nadzɔ wò, O Zion vinyɔnu! Do ɣli, wò Yerusalem vinyɔnu, kpɔ ɖa, wò fia gbɔna gbɔwò. Enye dzɔdzɔetɔ, eye wòhe ɖeɖe vɛ, ebɔbɔ eɖokui, eye wòle tedzi dom, si nye tedzivi si nye tedzinɔ ƒe vi.


“Mekpɔe le Israel ŋgɔ be, le ŋgɔgbe ʋĩi la, ɣletivi aɖe adzɔ tso Yakob me! Dziɖula sia tso Israel. Aɖu Moabtɔwo dzi; atsrɔ̃ Set ƒe viwo.


Esi Fia Herod se nya sia la, dzika tso eya kple Yerusalem dua me nɔlawo katã ƒo.


“Migblɔ na Zion vinyɔnuvi la be, ‘Wò Fia la gbɔna gbɔwò, edo tedzi kple tedzivi si nye dɔwɔlã!’ ”


Azɔ la, Yesu tsi tsitre ɖe Pilato, Roma dziɖuɖu la ƒe mɔmefia ƒe ŋkume. Gɔvina la biae be, “Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, abe ale si miegblɔe ene.”


gblɔ be, “Woayra fia si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa me!” “Ŋutifafa le dziƒo, eye ŋutikɔkɔe le dziƒo ʋĩi!”


“Ɛ̃, le nyateƒe me la, wodzi ɖela si nye Kristo, Aƒetɔ la na mí egbea le David ƒe du la me.


Pilato bia Yesu be, “Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la?” Eɖo eŋu be, “Wòe le egblɔm.”


Woŋlɔ klã ɖe eƒe atitsoga tame be, ame siae nye Yudatɔwo ƒe Fia.


Nataniel gblɔ be, “Nufiala, wòe nye Mawu ƒe Vi la vavã. Wòe nye Israel ƒe fia la!”


Ale woŋe deʋayawo ɖe asi yina be yewoakpee, eye wonɔ ɣli dom nɔ aseye tsom be, “Hosana!” “Yayratɔe nye ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me!” “Yayratɔe nye Israel ƒe fia la!”


Pilato gabiae be, “Ekema fiae nenye nyateƒea?” Yesu ɖo eŋu be, “Ègblɔ nyateƒe be fiae menye. Le nyateƒe me la, susu sia ta wodzim ɖo, eye esia tae meva xexea me ɖo, be maɖi ɖase tso nyateƒe la ŋu. Ame sia ame si xɔ nyateƒe la dzi se la ɖoa tom.”


Pilato ŋlɔ klã ɖe Yesu ƒe atitsoga la tame be, Yesu Nazaretitɔ, Yudatɔwo ƒe Fia.


Toma gblɔ be, “Nye Aƒetɔ kple nye Mawu!”


be amewo katã nade bubu eŋu abe ale si wodea bubu Fofo la ŋu ene. Ame si mede bubu Vi la ŋu o la, efia be mede bubu Fofo la, ame si dɔe la hã ŋu o.


Ŋutsu la gblɔ be, “Aƒetɔ, mexɔe se,” eye wòsubɔe.


Eye esi Mawu dɔ via ŋgɔgbea ɖe xexea me la, egblɔ be, “Ele be mawudɔlawo katã nasubɔe.”


“Nye, Yesue dɔ nye mawudɔla be wòatsɔ ɖaseɖiɖi siawo na wò hena hameawo. Nyee nye Ke tso David me kple eƒe dzidzimevi. Nyee nye Ŋukeɣletivi Keklẽ la.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa