Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 2:19 - Agbenya La

19 Esi Herod ku la, mawudɔla aɖe va ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe le Egipte. Egblɔ nɛ be,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Ke esi Herodes ku la, kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe le Egipte

Onani mutuwo Koperani




Mateo 2:19
13 Mawu Ofanana  

Afi ka madzo le wò Gbɔgbɔ la gbɔ ayi? Afi ka masi atso wò ŋkume ayi?


Vavã, wò dziku helĩhelĩ ɖe amewo ŋu, he kafukafu vɛ na wò, eye ame siwo tsi agbe le wò dziku la megbe la dze akɔ anyi.


“Nye, nye koe faa akɔ na mi. Ame kae nènye be nèle vɔvɔ̃m na amegbetɔ siwo le abe gbe ko ene?


“Eya ta mègavɔ̃ o. O, nye dɔla Yakob. O Israel, wò mo megatsi dãa o.” Yehowae gblɔe. “Le nyateƒe me, makplɔ wò tso didiƒenyigba dzi, eye maɖe wò dzidzimeviwo hã tso aboyo me. Yakob aganɔ anyi le ŋutifafa kple dedinɔnɔ me eye ame aɖeke magado vodzi nɛ o.


“Eya ta gblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si: togbɔ be meɖo wo ɖe didiƒe, ɖe dukɔwo dome, eye mekaka wo ɖe anyigbawo dzi hã la, menye sitsoƒe na wo ɣeyiɣi kpui aɖe le anyigba siwo dzi woyi.’


Atu eƒe fiagbadɔ ɖe atsiaƒu kple to kɔkɔe nyui la dome. Ke hã la, eƒe nuwuwu aɖo eye ame aɖeke maxɔ nɛ o.”


Ana beble nakpɔ dzidzedze eye wòabu eɖokui gã wu ale si wòle. Ne amewo bu be yewole dedie la, awu wo dometɔ geɖewo eye wòatsi tsitre ɖe fiawo dzi Fia la ŋu. Ke woatsrɔ̃e gake menye to amegbetɔ ƒe ŋusẽ me o.


Ke esi wònɔ nu siawo ŋu bum la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae le drɔ̃eƒe, yɔe gblɔ nɛ be, “Yosef, David ƒe vi, mègavɔ̃ srɔ̃wò Maria kpɔkplɔ be wòava nɔ gbɔwò o, elabena fu si wòfɔ la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mee wòtso.


“Tso nàkplɔ ɖevi la kple dadaa atrɔ ayi Israelnyigba dzi, elabena ame siwo le ɖevi la ƒe agbe yome tim la ku!”


Ke esi wòse be Arkelao nɔ dzi ɖum le Yudea ɖe fofoa Herod teƒe la, evɔ̃ na afi ma yiyi. Ke esi wogbe nya nɛ le drɔ̃eƒe ta la, eyi Galilea nutowo me,


Ke esi wònɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi la, srɔ̃a ɖo gbedeasi sia ɖee be, “Mègaka asi ame dzɔdzɔe ma ŋuti o, elabena etsɔ si va yi ƒe zã la, meku drɔ̃e dziŋɔ aɖe tso eŋuti.”


Ke le zã me la, mawudɔla aɖe va apostoloawo gbɔ le gaxɔa me. Eʋu gaxɔ la ƒe agbowo, eye wòkplɔ wo do goe. Egblɔ na wo be,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa