Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 2:16 - Agbenya La

16 Esi Herod kpɔe be ɣletivimenunyalawo flu ye la, dɔ me vee ale gbegbe be wòdɔ asrafowo ɖo ɖe Betlehem kple eƒe nutowo me, be woaɖawu ŋutsuvi siwo katã xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o, ɖe ɣeyiɣi si ɣletivimenunyalawo gblɔ nɛ be yewokpɔ ɣletivia la nu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Esi Herodes kpɔ bena, nunyalawo flu ye la, edze agbo ɖo dɔmedzoe ŋutɔ, eye wòdɔ woɖawu ŋutsuvi, siwo katã le Betlexem kple eƒe nutowo katã me, esiwo xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o, ɖe alesi wòbia ɣeyiɣi la tsitotsito tso nunyalawo gbɔe la nu.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 2:16
21 Mawu Ofanana  

eyɔ eƒe subɔlawo, eye wògblɔ na wo be, “Mikpɔ ɖa, wokplɔ Hebri ɖekakpui sia vɛ be wòado ŋukpe mí! Eva afi sia be yeadɔ kplim, ke medo ɣli.


egblɔ nya blibo la nɛ be, “Hebri kluvi ma si nèkplɔ va afi sia la di be yeadɔ gbɔnye sesẽtɔe.


Woaƒo fi ade woƒe dɔmedzoe, elabena enu sesẽ, eye wòvɔ̃ɖi. Mama wo ɖe Yakob ƒe viwo dome, eye makaka woƒe dzidzimeviwo le Israel.


Hazael biae be, “Nu ka ta nye aƒetɔ le avi fam?” Elisa ɖo eŋu be, “Menya nu vɔ̃ɖi siwo nèle wɔwɔ ge Israelviwo; àtɔ dzo woƒe mɔwo, àwu woƒe ɖekakpuiwo, àxlã woƒe vidzĩwo ɖe agakpewo eye àdze ƒodo le woƒe funɔwo nu!”


“Togbɔ be meyɔ Mawu eye wòtɔ nam hã la, mezu nu ɖikokoe na xɔ̃nyewo. Togbɔ be mele dzɔdzɔe eye fɔɖiɖi mele ŋunye o hã la, mezu alɔmeɖenu na wo!


Ŋutasẽla si le ame dahewo dzi ɖum la le abe dzata si le gbe tem alo sisiblisi si le ade tam ene.


Hlɔ̃dola si hlɔ̃dodo la zu agba na la anye tsatsala va se ɖe eƒe kugbe; ame aɖeke megakpe ɖe eŋu o.


Kpɔ ɖa, Yehowa tso le enɔƒe be yeava ahe to na anyigbadzinɔlawo le woƒe nu vɔ̃wo ta. Anyigba aɖe ʋu siwo wokɔ ɖe edzi la afia, eye magate ŋu aɣla eƒe ame kukuwo o.


Woƒe afɔwo ƒua du gena ɖe nu vɔ̃ me, eye woɖea abla le ʋu maɖifɔ kɔkɔ ɖi me. Woƒe susuwo nye susu vɔ̃ɖiwo. Gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ bɔ ɖe woƒe mɔwo dzi.


Nebukadnezar do dɔmedzoe ŋutɔ eye wòɖo du ɖe Sadrak, Mesak kple Abednego. Ale wokplɔ ame siawo va fia la ŋkume.


Esia ta aʋawɔwɔ ƒe ŋɔdzi alé wò dukɔ, eye woagbã wò mɔ sesẽwo katã, abe ale si Salman wɔe le Bet Arbel ene; le nyadzɔdzɔ ma me la, wolé nyɔnuwo kple wo viwo siaa xlã ɖe anyi woku.


Balaam do ɣli ɖe tedzi la ta be, “Elabena èdo lãm! Ɖe yi aɖe anɔ asinye hafi; anye ne mawu wò.”


Fia Balak do dɔmedzoe vevie azɔ ɖe Balaam ŋu. Eƒo asikpe hedo ɣli be, “Meyɔ wò be nàƒo fi ade nye futɔwo, ke nèyra wo boŋ zi etɔ̃.


Esi wodzi Yesu le Betlehem le Yudea, le Fia Herod ŋɔli la, ɣletivimenunyalawo tso ɣedzeƒe va Yerusalem, eye wonɔ amewo biam be,


Ale wowu nya si wogblɔ ɖi to Nyagblɔɖila Yeremia dzi la nu be,


Esia megbe la, Herod dɔ ame ɖo ɖe ɣletivimenunyala siawo dzaa, eye wòbia wo be woagblɔ ɣeyiɣi si tututu wokpɔ ɣletivi la zi gbãtɔ la na ye, eye wogblɔe nɛ. Ale wòdɔ wo kple gbedeasi sia be,


Eƒe asike kplɔ ɣletivi siwo le dziŋgɔli ŋu la ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka, eye wòhe wo ƒu gbe ɖe anyigba. Ʋɔ driba la nɔ tsitre ɖe nyɔnu si nɔ ku lém la ŋkume, eye wòle klalo be yeavuvu vidzĩ si nyɔnu la adzi la.


Mekpɔ be nyɔnu la mu ame kɔkɔewo kple ame siwo ɖi ɖase le Yesu ŋuti la ƒe ʋu. Esi mekpɔe la, nye mo wɔ yaa.


Emegbe la, Delila gblɔ nɛ be, “Ɖeko nètsɔm abe nu ɖikokoe aɖe ko ene hele bleyem, meɖe kuku, gblɔ nu si tututu woawɔ hafi ate ŋu alé wò la nam dzro!”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa