Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 2:15 - Agbenya La

15 eye wonɔ afi ma va se ɖe esime Fia Herod ku. Ale wowu nya si Aƒetɔ la gblɔ ɖi to nyagblɔɖila dzi la nu be, “Egipte meyɔ vinye la tsoe.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 eye wònɔ afima vaseɖe Herodes ƒe ku megbe, bena nya, si Aƒetɔ la gblɔ ɖe anyi to nyagblɔɖila dzi la, nava ve me bena: „Keke Egipte ke meyɔ vinye la tsoe.“

Onani mutuwo Koperani




Mateo 2:15
21 Mawu Ofanana  

Ekema, ele na wò be nàgblɔ na Farao be, ‘Yehowa be, Israel dukɔ lae nye nye ŋutsu ŋgɔgbevi.


“Esi Israel nye ɖevi la, melɔ̃e, eye Egipte meyɔ vinye la tsoe, abe vinye ŋutsu ene.


“Mawu kplɔ wo do goe tso Egipte. Woƒe ŋusẽ le abe to ƒe ŋusẽ ene. Wovuvu dukɔ siwo tso ɖe wo ŋu, eye woŋe woƒe ƒuwo wuliwuli heŋɔ wo kple woƒe aŋutrɔwo.


Esiawo katã va eme be, woawu Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ ɖi to Nyagblɔɖila dzi la nu be,


Esia ta Yosef fɔ enumake, eye wòkplɔ ɖevi la kple dadaa le zã ma me ke hesi dzo yi Egipte,


Ale wowu nya si wogblɔ ɖi to Nyagblɔɖila Yeremia dzi la nu be,


Esi Herod ku la, mawudɔla aɖe va ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe le Egipte. Egblɔ nɛ be,


eye wòyi ɖanɔ Nazaret. Esia wu nya si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖilawo dzi la nu be, “Woayɔe be Nazaretitɔ.”


Wowɔ esia be woawu nyagblɔɖi si wogblɔ da ɖi le blema ke la nu be,


Ke ne mewɔ nenema ɖe, aleke nya siwo woŋlɔ da ɖi le mawunya me siwo le dzɔdzɔm fifia hã la awɔ hafi ava eme?”


Nyateƒe, nu siawo katã le dzɔdzɔm tututu abe ale si nyagblɔɖilawo ŋlɔe da ɖi le mawunya la me ene.” Ke eƒe nusrɔ̃lawo katã si dzo.


Esi woklãe ɖe atitsoga ŋuti vɔ la, asrafoawo da akɔ ɖe eƒe awuwo dzi be wòazu ame si ɖu dzi la tɔ.


Esia wu Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyawo nu be, “Etsɔ míaƒe vevesesewo, eye wòde ta míaƒe dɔlélewo te.”


Yesu gblɔ na wo be, “Esi menɔ anyi kpli mi le ŋkeke siwo va yi me ɖe, nyemegblɔe na mi be nu siwo woŋlɔ ɖe Mose ƒe se la kple Nyagblɔɖilawo kple Psalmowo me tso ŋunye la ava eme oa?”


Esi Yesu nya be nu sia nu wu nu azɔ, eye be woawu nya siwo woŋlɔ ɖe mawunya me nu la, egblɔ be, “Tsikɔ le wuyem!”


Nuwɔna siawo va eme be woawu mawunya nu be, “Womele eƒe ƒu aɖeke ŋe ge o!”


“Nɔviwo, ele be ŋɔŋlɔ si Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ to David dzi le blema ku ɖe Yuda ŋu la nava eme. Yuda siae fia Yesu yomemɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa