Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 19:10 - Agbenya La

10 Yesu ƒe nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ be, “Nenye be wòle alea la, anyo wu be ŋutsu maɖe srɔ̃ o.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ bena: Ne ŋutsu kple srɔ̃a dome nya le ale la, ekema menyo bena, woaɖe srɔ̃ o.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 19:10
15 Mawu Ofanana  

Yehowa Mawu gblɔ be, “Menyo be ame la ɖeka ko nanɔ anyi o. Mawɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ ɖe eŋu la nɛ.”


Ame si si srɔ̃nyɔnu su la ke ɖe nu nyui ŋu eye wòxɔa amenuveve tso Yehowa gbɔ.


Enyo be nànɔ dzogbe wu be nànɔ anyi kple srɔ̃nyɔnu dzrewɔla kple dɔmedzoedola.


Enyo be woanɔ dzogoe dzi le xɔta wu be woanɔ xɔ ɖeka me kple srɔ̃nyɔnu dzrewɔla.


Yesu gblɔ na wo be, “Menye ame sia amee ase nya sia gɔme o, negbe ame siwo ŋu Mawu kpe ɖo la ko,


eye mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be, ame si gbe srɔ̃a, eye menye ɖe ahasiwɔwɔ ta o, ke boŋ le susu bubu aɖe ta, eye wòyi ɖaɖe nyɔnu bubu la, ewɔ ahasi.”


Eya ta magblɔ na trewo kple ahosiwo be woanɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee abe nye ŋutɔ ene.


Woagblɔ be menyo be woaɖe srɔ̃ o, eye menyo hã be woaɖu nanewo o, evɔ wònye Mawue tsɔ nu siawo na xɔsetɔ siwo li ke, eye wonya nyateƒe la be woakpɔ dzidzɔ le wo ŋuti, eye woada akpe ɖe wo ta hafi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa