Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 18:5 - Agbenya La

5 Eye mia dometɔ si axɔ ɖevi aɖe abe esia ene le nye ŋkɔ me la, nyee nye ema wòxɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye amesi ke laxɔ nenem ɖevi sia tɔgbe ɖeka le nye ŋkɔa dzi la, nyee wòxɔ;

Onani mutuwo Koperani




Mateo 18:5
12 Mawu Ofanana  

eya ta ame si bɔbɔ eɖokui abe ɖevi sue sia ene la, eyae age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me.


Ke nenye be mia dometɔ aɖe ana ɖevi sue siawo dometɔ aɖe nabu xɔse si le eme ɖe ŋunye la, anyo na ame ma wu ne woatsɔ kpe gã aɖe atsi ɖe kɔ nɛ, atsɔe aƒu gbe ɖe atsiaƒu me, eye wòano tsi aku boŋ.


“Eye Nye, Fia la, maɖo eŋu na wo be, ‘Vavã, mele egblɔm na mi bena, esi miewɔ nu siawo katã na nɔvinye sue siawo dometɔ aɖe ta la, nyee miewɔ wo na!’


“Ale maɖo eŋu na wo be, ‘Vavã, mele egblɔm na mi bena, esi miegbe be yewomawɔ nu siawo na nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka teti hã o la, nyee nye ema miewɔ wo na o.’


Elabena ame sia ame si biaa nu la, wonanɛ; ame sia ame si dia nu la, ekpɔnɛ, eya ta ne mieƒo ʋɔa ko la, woaʋui na mi.


“Ame si axɔ ɖevi sue aɖe abe esia ene le nye ŋkɔ me la, nyee nye ema wòxɔ, eye ame si axɔm la, menye nyee wòxɔ o, ke boŋ Fofonye si dɔm lae wòxɔ!”


Yesu yi edzi be, ‘Vavã mele egblɔm na mi bena, ne ame aɖe na tsi kplu ɖeka mi be miano elabena mienye Kristo tɔ la, ame sia mabu fetu si wòaxɔ la o.’


Eye wògblɔ na wo be, “Ame si axɔ ɖevi sue sia le nye ŋkɔ dzi la, nyee wòxɔ. Ke ame si axɔm la, exɔ ame si dɔm la; elabena ame si ke nye suetɔ le mi katã dome la, eyae nye gãtɔ.”


Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ame si axɔ ame si medɔ la, nyee wòxɔ, eye ame si axɔm la, xɔ ame si dɔm.”


Togbɔ be nye dɔléle la nye nuɖiaɖia hã la, miegbe nu le gbɔnye alo do vlom o, ke boŋ miexɔm, eye miekpɔ dzinye abe mawudɔla aɖe menye alo Yesu Kristo ŋutɔ ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa