Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 18:4 - Agbenya La

4 eya ta ame si bɔbɔ eɖokui abe ɖevi sue sia ene la, eyae age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eyaŋuti amesi ke bɔbɔ eɖokui ɖe anyi abe nenem ɖevi sia ene la, eyae ƒo ta le dziƒofiaɖuƒe la me.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 18:4
13 Mawu Ofanana  

elabena ale ame si nye gã, eye wòkɔ wu nuwo katã, ame si li tegbee, eye eƒe ŋkɔe nye Kɔkɔe la gblɔe nye esi, “Mele teƒe kɔkɔ si le kɔkɔe, gake meli kple ame si ƒe nu vɔ̃wo vee, eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi le gbɔgbɔ me be magbɔ agbe ame si bɔbɔ eɖokui ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe ame si ƒe nu vɔ̃wo vee la ƒe dzi.


Le ɣeyiɣi sia me la, nusrɔ̃lawo va Yesu gbɔ va biae be, “Ame kae nye gãtɔ le dziƒofiaɖuƒe la me?”


Azɔ egblɔ na wo be, “Vavã mele egblɔm na mi bena, ne ame aɖe metsri nu vɔ̃, eye wòtrɔ ɖe Mawu ŋu hexɔ edzi se abe ɖeviwo ene o la, mage ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o,


Eye mia dometɔ si axɔ ɖevi aɖe abe esia ene le nye ŋkɔ me la, nyee nye ema wòxɔ.


gake meganɔ nenema le miawo ya dome o. Ame si di be yeanye amegã le mia dome la, ele nɛ be wòanye mi katã ƒe subɔla,


Nyateƒe, nya sia ŋu ɖoɖo sesẽ na nusrɔ̃lawo, elabena nya si hem wonɔ la ku ɖe ame si nye wo katã ƒe amegã la ŋu.


Ame sia ame si dina be ye ŋutɔ yeade bubu ye ɖokui ŋu la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye ame si abɔbɔ eɖokui la, woade bubu eŋu.”


Eye wògblɔ na wo be, “Ame si axɔ ɖevi sue sia le nye ŋkɔ dzi la, nyee wòxɔ. Ke ame si axɔm la, exɔ ame si dɔm la; elabena ame si ke nye suetɔ le mi katã dome la, eyae nye gãtɔ.”


Mibɔbɔ mia ɖokui na Aƒetɔ la, ekema ado mi ɖe dzi.


Nenema ke, mi ɖekakpuiwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na ame tsitsiwo. Mido ɖokuibɔbɔ abe awu ene na mia ɖokuiwo, ale be miate ŋu asubɔ mia nɔewo, elabena, “Mawu tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu, ke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo la nu.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa