11 Amegbetɔ Vi la va be yeaɖe ame siwo bu la.]
11 Elabena Amegbetɔvi la va be, wòaɖe nusiwo bu la.
ke boŋ miyi Israelvi siwo nye Mawu ƒe alẽ bubuwo la ko gbɔ.
Yesu gblɔ na nyɔnu la be, “Ɖe Mawu dɔm be mava Israel dukɔ si le abe alẽ bubu ene la ko gbɔ.”
“Nenye be alẽ alafa ɖeka le ame aɖe si, eye ɖeka bu la, aleke wòawɔ? Ɖe magble alẽ blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ mamlɛawo ɖi ayi aɖadi ɖeka si bu la le togbɛwo dzi oa?
Yesu se nya la, eye wòɖo eŋu na wo gblɔ be, “Ame siwo mele dɔ lém o la mehiã atikewɔla o, ke boŋ ame siwo le dɔ lém lae hiãe.
Elabena vinye sia ku, eye wògagbɔ agbe. Ebu, eye megakpɔe.’ Kplɔ̃ɖoɖoa kple dzidzɔkpɔkpɔ dze egɔme enumake.
Gake enyo be míakpɔ dzidzɔ elabena nɔviwòe. Azɔ eku, eye wògagbɔ agbe; ebu, eye míegafɔe.’ ”
Elabena Amegbetɔ Vi la va be yeadi ame siwo bu la eye yeaɖe wo.”
Ale wodzo yi kɔƒe bubu me.
Fiafitɔ la vana be yeafi fi, awu ame, agblẽ nu. Ke nye la, meva be woakpɔ agbe si de blibo la.
“Ke ame si se nye nyawo, gake mewɔ ɖe wo dzi o la, nyemadrɔ̃ ʋɔnui o. Elabena nyemeva be madrɔ̃ ʋɔnu xexea me o, ke boŋ be maɖe xexea me.
Mawu meɖo Via ɖa be wòava drɔ̃ ʋɔnu xexea me o, ke boŋ be wòaɖe xexea me to edzi.
Esia nye nyateƒenya si wòle be woaɖo toe, axɔe ase keŋ be Kristo Yesu va xexea me nu vɔ̃ wɔlawo ɖe ge, ame siwo dome menye gãtɔ le.