Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 13:57 - Agbenya La

57 Ale wokpɔ nuɖiaɖia le eŋu. Ke Yesu gblɔ na wo be, “Wodea bubu Nyagblɔɖila ŋu le afi sia afi negbe le eya ŋutɔ ƒe dedu me kple eya ŋutɔ ƒe aƒe me ko.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

57 Ke Yesu gblɔ na wo bena: Womeɖoa kpo nyagblɔɖila bubu o, negbe le ye ŋutɔ fofoawo de kple ye ŋutɔ ƒe me ko. Eye mewɔ ŋusẽdɔ geɖewo le afima o, le woƒe dzimaxɔse ŋuti.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 13:57
19 Mawu Ofanana  

Ale Yehowa, Ɖela kple Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔ na dziɖulawo ƒe dɔla be, “Fiawo akpɔ wò, eye woatso anɔ tsitre. Fiaviwo akpɔ wò, eye woade ta agu na Yehowa nuteƒewɔla, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la, ame si tia wò la ta.”


Amewo do vloe, eye wogbee. Ŋutsu si dzi vevesese kple fukpekpe le la wònye. Ele abe ame si ta amewo tsɔ nu tsyɔ ŋkume ɖo la ene. Wodo vloe, eye míebui ɖe naneke me o.


eye wòazu kɔkɔeƒe, gake anye agakpe kikli na Yuda kple Israel ƒe aƒe, esi woakli adze anyi. Gake anye xevimɔ kple adoboli na Yerusalemtɔwo.


Migblɔ nya sia hã nɛ be, ‘Woayra ame siwo xɔa dzinye sena ɖikeke manɔmee.’ ”


Ale mewɔ nukunu geɖewo le afi ma o, le woƒe dzimaxɔse ta.


Le esia megbe la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le nuto ma me yi Nazaret si nye ededu me.


Fia Herod se Yesu ŋkɔ, elabena ame sia ame nɔ nu ƒom tso nukunu siwo katã wɔm wònɔ la ŋu. Fia la bu be Yohanes Mawutsidetanamelae gagbɔ agbe, elabena amewo le gbɔgblɔm be, “Yohanes Mawutsidetanamelae fɔ, eya ta wòte ŋu le nukunu siawo wɔm ɖo.”


Alo menye ame siae nye atikpala la oa? Menye Maria ƒe viŋutsu si nɔviwoe nye Yakobo, Yosef, Yuda kple Simɔn, siwo le mía dome, eye nɔvia nyɔnuwo hã le mía dome oa?” Esia na eƒe nu ve dɔme na wo ŋutɔ.


Yesu gblɔ na wo be, “Bubu menɔa nyagblɔɖila aɖeke ŋu le eya ŋutɔ ƒe dedu me, amewo dome kple eya ŋutɔ ƒe aƒe me o.”


“Vavã mele egblɔm na mi be, bubu menɔa nyagblɔɖila aɖeke ŋu le eya ŋutɔ ƒe dedu me o.


Migblɔ kpe ɖe eŋu nɛ be, ‘Woayra ame siwo xɔa dzinye sena ɖikeke manɔmee.’ ”


(Yesu ŋutɔ gblɔ be nyagblɔɖila aɖeke mekpɔa bubu le eya ŋutɔ dedu me o.)


Wogblɔ be, “Nu ka! Menye ame siae nye Yesu, Yosef ƒe vi la oa? Míenya fofoa kple dadaa ɖe! Nu ka ta wòle gbɔgblɔm na mí fifia be, ‘Metso dziƒo va ɖo?’ ”


Yesu de dzesii be yeƒe nusrɔ̃lawo le liʋĩliʋĩ lĩm, eya ta egblɔ na wo be, “Ɖe nye nyawo ɖia mia nua?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa