Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 13:51 - Agbenya La

51 Azɔ ebia nusrɔ̃lawo be, “Miese nya siawo gɔmea?” Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, míese wo gɔme.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

51 Yesu gblɔ na wo bena: Ɖe miese nusiawo katã gɔmea? Wogblɔ ne bena: Ẽ.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 13:51
13 Mawu Ofanana  

Eɖe eme na wo be wo nusrɔ̃lawo ko wona mɔnukpɔkpɔ be woanya nu si dziƒofiaɖuƒe la nye, ke womena mɔnukpɔkpɔ sia ame bubuwo o.


Anyigba alo mɔ to, afi si nuku aɖewo ge ɖo la nye ame aɖe ƒe dzi. Ame sia sea nyanyui la tso mawufiaɖuƒe la ŋuti, gake mesea egɔme o, ale Satana va ɖea nyanyui la le eƒe dzi me.


eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe kpodzo me, afi si avifafa kple aɖukliɖuɖu geɖe anɔ.”


Ale wòɖo eŋu na wo be, “Eya ta sefiala ɖe sia ɖe si wofia nui tso dziƒofiaɖuƒe la ŋuti la le abe aƒetɔ aɖe si ɖe eƒe kesinɔnu yeye kple xoxoa siaa do goe tso eƒe nudzraɖoƒe la ene.”


Mienyae be nu si ame ɖuna la toa eƒe dɔkaviwo me, eye wòdenɛ le nugodo me oa?


Aleke wɔ miedze sii kpɔ be menye nuɖuɖu ŋutie mele nu ƒom le o mahã? Megale egblɔm na mi be, ‘Mikpɔ nyuie le Farisitɔwo kple Zadukitɔwo ƒe amɔʋãnu ŋuti.’ ”


“Eya ta ne miekpɔ ‘ŋunyɔnu si hea gbegblẽ vɛ la’ le tsitre ɖe Kɔkɔeƒe la, esi ƒe nya wogblɔ to Nyagblɔɖila Daniel dzi la, nya sia xlẽla nese egɔme,


Le nyateƒe me la, ne Yesu le nu fiam le dutoƒo la, lododo sɔŋ ko ŋu dɔ wòwɔna, ke emegbe ne eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖe aga la, eɖea wo gɔme na wo.


Yesu bia wo be, “Ekema miawo hã miese nya siawo gɔme oa? Miate ŋu ade dzesii be nu siwo mieɖuna la megblẽa nu le mia ŋu o?


Míenyae hã be Mawu Vi la va, eye wòna nugɔmesese mí, ale be míanye eya ame si nye nyateƒea. Míele nyateƒea si nye Via Yesu Kristo la me. Eyae nye nyateƒe Mawu kple agbe mavɔ la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa