Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 11:7 - Agbenya La

7 Esi Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo nɔ dzodzom la, Yesu dze nuƒoƒo na ameha la tso Yohanes ŋu be, “Nu ka miedo go yi kpɔkpɔ ge le gbedzi? Aƒla si ya le ƒoƒoma?

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ke esi woawo trɔ yina la, Yesu de asi nyagbɔgblɔ me na amehawo le Yohanes ŋuti bena: Nuka kpɔ ge miedo go yi le gbedzi mahã? Alo ayeti, si ya le ʋuʋum mahã?

Onani mutuwo Koperani




Mateo 11:7
15 Mawu Ofanana  

Ke mèdzea akɔ anyi o; èle abe ƒutsotsoe nyanyra ene; màgadze gbãtɔ azɔ o. Maɖiɖi wò, elabena ède asi srɔ̃nyewo dometɔ ɖeka ŋu, eye nèto esia me ɖi gbɔ̃m.


Ne mele eme nenema o ɖe, nu ka miedo go yi kpɔkpɔ ge? Ame si do awu nyuiwoa? Ao, ame siwo do awu nyuiwo la le fiasãwo me.


Mewɔa fu ame gblɔewo alo tsia woƒe mɔkpɔkpɔ suetɔ gɔ̃ hã nu o. Le eƒe dziɖuɖu mamlɛtɔ me la, atsi dzrehehe ɖe sia ɖe nu,


Yohanes ƒe mawutsidetaname ɖe, afi ka wòtso? Dziƒo wòtso loo alo amewo gbɔ wòtsoa?” Wodzro nya sia me le wo ɖokuiwo dome, eye wogblɔ be, “Ne míegblɔ be, ‘Etso dziƒo’ la, abia mí be, ‘Ekema nu ka ŋuti miexɔ edzi se o ɖo?’


Ame geɖewo tso Yerusalem, eye bubuwo hã tso Yɔdan tɔsisi la ƒe gowo dzi kple Yudea nutowo me godoo va afi si Yohanes nɔ mawunya gblɔm le la be yewoaɖo toe.


Le esia ta mikpɔ nyuie le nu siwo miesena la ŋu elabena ame si si nu le la, eyae woagana nui, eye ame si si nu mele o la, woaxɔ esi wòbu be ele ye si la hã le esi.”


Yesu trɔ kɔ kpɔ wo wonɔ eyome, eye wòbia wo be, “Nu ka dim miele?” Woɖo eŋu be, “Rabi” (si gɔmee nye “Nufiala”), “afi ka nènɔna?”


Yohanes zu kekeli si klẽ na mi ɣeyiɣi aɖe, eye miekpɔ dzidzɔ le eƒe kekeli la ŋuti.


Ekema míaganɔ abe ɖeviwo ene o, ame siwo anɔ yiyim, anɔ gbɔgbɔm abe ale si ƒutsotsoe kple ya lɔa nu ɖe nu ene, to amewo ƒe alakpanufiafiawo, ayedzedze kple beble nuwɔnawo me o,


Gake ne ebia la, ele nɛ be wòaxɔe ase ɖikeke manɔmee, elabena ame si kea ɖi la le abe ƒutsotsoe si ya ƒona yina gbɔna la ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa