Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 11:21 - Agbenya La

21 Egblɔ le wo ŋu be, “Baba na wò Korazin! Baba na wò Betsaida! Elabena ne Tiro kple Sidon duwo mee mewɔ nukunu siwo mewɔ le mia dome le la, anye ne ameawo trɔ dzime xoxoxo, anɔ akpanya kple afi me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Vɔ̃ ana wò, Korazin! Vɔ̃ ana wò, Betsaida! Elabena ŋusẽdɔwɔwɔ, siwo wowɔ le mewo la, ɖe wowɔ wo le Tiro kple Zidon la, ne wòtrɔ le woƒe dzi me le blema le akpanya kple afi me.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 11:21
31 Mawu Ofanana  

eya ta nu siwo katã megblɔ la kpe ŋu nam eye megbe wo le ke kple afi me.”


wò ahasiwɔwɔ, wò ahiãgbetetewo kple wò gbolowɔwɔ ŋukpemanɔmetɔe! Mekpɔ wò ŋunyɔnuwɔwɔwo le togbɛwo dzi kple baliwo me. Oo, Yerusalem, babaa na wò. Va se ɖe ɣe ka ɣi nàƒo ɖi ase ɖo?”


“Tiro kple Sidon kple Filistitɔwo ƒe duwo katã, ɖe miele didim be miabia hlɔ̃ mahã? Mikpɔ nyuie elabena nye asi atre tsɔtsɔ na mi eye nu si mieɖo la atrɔ adze miawo ŋutɔ ƒe ta dzi.


Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Le Tiro ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena eda le nubabla si le eya kple Israel dome la dzi, eye wòdze edzi, wɔ aʋa kplii hekplɔe yi ɖe kluvinyenye me le Edom.


Le nyateƒe me la, anɔ bɔbɔe na Sidon kple Tiro le ʋɔnudrɔ̃gbe la tsɔ wu mi!


Yesu dzo le nuto ma me, eye wòzɔ mɔ kilomita blaenyi sɔŋ yi Tiro kple Sidon nutowo me.


“Baba na xexea me le nu siwo nana amewo wɔa nu vɔ̃ la ta! Nu siawo ava eme tsã, gake baba na ame si dzi woato ava la!


Ele na nye Amegbetɔ Vi la be maku abe ale si nyagblɔɖilawo gblɔe da ɖi xoxo ene, gake baba na ame si adem asi la. Le nyateƒe me la, nenye be womegaxa dzii o la, anyo nɛ wu sãa.”


Esi wose nu siwo katã Yesu nɔ wɔwɔm ta la, ame geɖe siwo tso Yudea, Yerusalem, Idumea kple nuto siwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ kple Tiro kple Sidon nutowo me hã va.


Le nuɖuɖu la nana ameawo vɔ megbe teti ko la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woage ɖe ʋu la me, akui atso ƒu la ayi Betsaida afi si yeava tu wo le emegbe. Ebe ye ŋutɔ yeado megbe ado mɔ ameha la woayi aƒe me.


Yesu dzo le Galilea heyi Tiro kple Sidon nutowo me. Edze agbagba be yeaɣla ye ɖokui ɖe aƒe aɖe me, gake mete ŋui o. Mekpɔ ɖo hafi eƒe vava ɖi hoo abe ale si wònɔna ɖaa ene o.


Azɔ Yesu tso Tiro yi Sidon to Dekapoli alo Du Ewoawo me gatrɔ yi Galilea ƒua nu.


Azɔ esi wova ɖo Betsaida la, ame aɖewo kplɔ ŋkunɔ aɖe vɛ nɛ, eye woɖe kuku nɛ be wòayɔ dɔe.


Gake womeɖo Eliya ɖe wo dometɔ aɖeke gbɔ o, ke boŋ woɖoe ɖe ahosi aɖe si tso Zarefat le Sidon nuto me la gbɔ.


Esi wòɖi tso toa dzi la, nusrɔ̃lawo kple eyomenɔlawo va ƒo ƒu ɖe Yesu ŋuti le gbadzaƒe aɖe. Ameha gã aɖe hã va ɖe to ɖe wo, amewo tso Yudea nutowo me katã kple Yerusalem. Ɖewo tso keke Sidon kple Tiro ƒutaduwo me ke


Esi apostoloawo trɔ gbɔ va la, wogblɔ nu siwo wowɔ la na Yesu. Emegbe la, Yesu kplɔ wo dzoe dzaa yi Betsaida dua me.


Filipo sia tso Betsaida si nye Andrea kple Petro wo de.


Ame siawo va Filipo, ame si tso Betsaida le Galilea la gbɔ, eye wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, miedi be miakpɔ Yesu.”


Le esime Herodes nɔ Kaesarea la, ame dɔdɔ aɖewo tso Tiro kple Sidon va egbɔ. Herodes melɔ̃a Tirotɔwo kple Sidontɔwo ƒe nya kura o. Le esia ta la, ame dɔdɔawo va dze xɔlɔ̃ Blasto si nye agbalẽŋlɔla gã le fia la ƒe aƒe me gbɔ, eye wobia tso esi be wòaɖe kuku na Herodes ɖe yewo nu, ale be ŋutifafa nava yewo kple fia la dome. Esia hiã vevie, elabena Tirotɔwo kple Sidontɔwo kpɔa woƒe nunyiame tso dukɔ siwo dzi ɖum Herodes le la gbɔ.


Le ŋkeke evea gbe la, míeva ɖo Sidon. Asrafoawo ƒe amegã, Yulio nyo dɔ me na Paulo, ale be wòɖe mɔ nɛ wòɖi tsa de dua me ɖakpɔ xɔlɔ̃awo ɖa, eye wodi eƒe nu hiahiã aɖewo nɛ.


Babaa na wo! Woto Kain ƒe mɔ; woti viɖe yome hege ɖe Balaam ƒe vodada me, eye wotsrɔ̃ wo le Kora ƒe aglãdzedze la me.


Mana ŋusẽ nye ɖasefo eveawo, eye woata akpanya agblɔ nya ɖi hena ŋkeke akpe ɖeka alafa eve blaade (1,260).”


Mekpɔ Alẽvi la wòɖe nutrenu adelia ɖa. Enumake anyigba ʋuʋu sesĩe. Ɣe ƒe keklẽ trɔ zu yibɔɔ abe avɔ si wolɔ̃ kple gbɔ̃fu yibɔ la ene. Nenema ke ɣleti hã biã dzẽe abe ʋu ene,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa