Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 10:4 - Agbenya La

4 Simɔn, ame si nye Zelotetɔ kple Yuda Iskariɔt, ame si va de Yesu asi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Simon Kanatɔ kple Yuda Iskariot, si fia eyome mɔ la hã.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 10:4
19 Mawu Ofanana  

Le nyadzɔdzɔ sia megbe la, Yuda Iskariɔt, nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka yi ɖe nunɔlagãwo gbɔ,


eye wòbia be, “Ho neni miaxe nam nenye be mede Yesu asi na mi?” Enumake woxlẽ klosaloga blaetɔ̃ tsɔ de asi nɛ.


“Abe ale si mienya ene la, Ŋutitotoŋkekea adze egɔme le ŋkeke eve megbe, woadem asi eye woaklãm ɖe ati ŋuti.”


Esi wònɔ nu ƒom la, Yuda, ame si nye nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka lae nye ekem le ŋgɔ na ameha gã aɖe, eye wozɔ gbɔna. Ameha siawo nye ame dɔdɔwo tso Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple dumegãwo gbɔ, eye wolé yiwo kple kpowo ɖe asi gbɔna.


Le ɣeyiɣi sia me la, Yuda, ame si de Yesu asi la, kpɔ be wotso kufia nɛ. Eƒe susu trɔ, eye wòvee vevie be wòwɔ esia, eya ta egbugbɔ ga si wòxɔ le nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo si la yi na wo.


Le ɣeyiɣi sia me la, Yuda Iskariɔt, ame si nye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka la do go dzaa yi nunɔlagãwo gbɔ be yeawɔ babla kpli wo le ale si wòade Yesu asi na wo be woawu la ŋu.


Esi Yesu ganɔ nu ƒom la, eƒe nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka si woyɔna be, Yuda Iskariɔt kple ameha gã aɖe, siwo lé yiwo kple kpowo ɖe asi henɔ nyanyram ŋutɔ la va do. Ame siawoe nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple Yudatɔwo ƒe amegã bubuwo dɔ be woalé Yesu vɛ.


Azɔ Satana ge ɖe Yuda Iskariɔt, ame si nye nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka la me,


Ke esi wònɔ nya siawo gblɔm la, ameha aɖe do ɖe wo dzi. Yuda, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka nɔ ŋgɔ na wo. Yuda zɔ ɖe Yesu dzi, eye wògbugbɔ alɔgo nɛ abe lɔlɔ̃ ƒe dzesi ene.


Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ fiẽnuɖuƒe. Do ŋgɔ la, Abosam dee ta me na Yuda Iskariɔt, Simɔn ƒe vi la be wòaɖade Yesu asi.


Gake mia dometɔ aɖewo mexɔ dzinye se o.” Ke Yesu nya ame siwo mexɔ edzi se o, kple ame si le ede ge asi la tso gɔmedzedzea me ke.


(Yesu gblɔ nya sia tso Yuda, Simɔn Iskariɔt ƒe vi, ame si nye ame wuieveawo dometɔ ɖeka, ame si afia eyomemɔ emegbe la ŋu.)


Esi wova ɖo Yerusalem la, woyi ɖanɔ xɔ si me wonɔna le dziƒoxɔ dzi la me. Apostolo siwo nɔ afi ma la woe nye: Petro, Yohanes, Yakobo, Andrea; Filipo kple Toma; Bartolomeo kple Mateo; Yakobo si nye Alfeo ƒe vi, Simɔn si wogayɔna be Zelote, Yuda si nye Yakobo ƒe vi.


be wòaxɔ Apostolonyenye ƒe dɔ sia ɖe Yuda teƒe, ame si gblẽ dɔ la ɖi heyi teƒe si dzee.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa