Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 10:15 - Agbenya La

15 Vavã mele egblɔm na mi be, anɔ bɔbɔe na Sodom kple Gomoranyigba le ʋɔnudrɔ̃gbe la wu ame siawo ƒomevi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Vavã mele egblɔm na mi bena: Mele sesẽ ge na Sodom- kple Gomora-nyigba la le ʋɔnudrɔ̃gbe la, abe nenem du ma ene o.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 10:15
22 Mawu Ofanana  

Mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be, mia dometɔ ɖe sia ɖe ana akɔnta le nya vlo ɖe sia ɖe si ado tso eƒe nu me la ŋu le ʋɔnudrɔ̃gbe la,


Vavã mele egblɔm na mi be zi ale si dziƒo kple anyigba li la, ŋɔŋlɔ suetɔ kekeake alo nu suetɔ si wotsɔ nuŋlɔti ŋlɔe la, mabu le se la me o va se ɖe esime woawu nu sia nu nu,


Ame geɖewo agblɔ nam le ŋkeke ma dzi be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ, ɖe menye wò ŋkɔ mee míegblɔ nya ɖi le, míenya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le, eye míewɔ nukunu geɖewo le oa?’


Nenye be kɔƒe aɖe me tɔwo mexɔ mi alo ɖo to mi o la, miʋuʋu ke si lé ɖe afɔƒome na mi la ɖi, eye miadzo. Esia nye ɖase be miegblẽ teƒe la ɖi be nu sia nu si adzɔ ɖe edzi la nadzɔ faa.”


Ʋɔnudrɔ̃la aɖe li si adrɔ̃ ʋɔnu ame si gbe nu le gbɔnye, eye mexɔ nye nyawo o; nya siwo megblɔ la, woawoe woatsɔ abu fɔ woe le nuwuwuŋkeke la dzi.


Eye esiae nye ame si dɔm la ƒe lɔlɔ̃nu be magabu ame siwo wòtsɔ nam la dometɔ aɖeke o, ke boŋ be mana woatsi tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.


Elabena Fofonye ƒe lɔlɔ̃nue nye be ame sia ame si kpɔa Via dzi, eye wòxɔ edzi se la, akpɔ agbe mavɔ, eye mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.”


elabena eɖo ŋkeke tɔxɛ aɖe da ɖi be yeava drɔ̃ ʋɔnu xexea me, eya ŋutɔ tia ame si le ʋɔnu la drɔ̃ ge la da ɖi, eye eyae nye ame si wòfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.”


Ke ele be ame sia ame naɖo ŋku edzi be ne Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la ɖo edzi la, woado xɔtunu vovovoawo kpɔ. Woatsɔ dzo ado ame sia ame ƒe dɔwɔna kpɔ, akpɔe ɖa be eƒe dɔ la anɔ te mahã?


Ke nɔvi lɔlɔ̃awo, miawo la, nu siawo mele ɣaɣla ɖe mi o, eye womava ɖi ɖe mi abe fiafitɔ ene, le Aƒetɔ la ƒe azãgbe la o.


Migana míagbɔdzɔ le míaƒe takpeƒewo dede me o, abe ale si ame aɖewo tsɔe ɖo dɔe nɔa kuvia wɔm ene o, ke boŋ mina míade dzi ƒo na mía nɔewo, vevietɔ esi mienyae be eƒe ŋkeke la te tu aƒe kpokploe.


ne ebu fɔ Sodom kple Gomora duawo hena dzo fia wo, wozu afi, eye wòtsɔ wo wɔ kpɔɖeŋu na nu si adzɔ ɖe mawumavɔ̃lawo dzi;


Ne ele alea la, ekema Aƒetɔ la nya ale si wòaɖe mawuvɔ̃lawo tso dodokpɔwo me, eye wònya ale si wòalé mawumavɔ̃lawoe, anɔ to hem na wo va se ɖe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la dzi.


To Mawu ƒe nya sia ke dzi wodzra fifi dziƒo kple anyigba ɖo na dzo, eye woɖoe da ɖi na ʋɔnudrɔ̃gbe la kple mawumavɔ̃lawo ƒe tsɔtsrɔ̃.


Ewɔ míaƒe lɔlɔ̃ wòde blibo le mía dome, ale be dzideƒo nanɔ mía si le ʋɔnudrɔ̃ŋkekea dzi, elabena míaƒe agbenɔnɔ le xexe sia me sɔ kple etɔ.


Ke mawudɔla siwo melé woƒe bubuteƒe me ɖe asi o, ke boŋ wogblẽ woawo ŋutɔ ƒe aƒe ɖi la, esiawoe wòde gae ɖe viviti me, eye wotsɔ gakɔsɔkɔsɔ mavɔ de wo hena ʋɔnudɔdrɔ̃ le Ŋkekegã la dzi.


Nenema ke Sodom kple Gomora kple du siwo ƒo xlã wo la tsɔ wo ɖokuiwo dzra na ŋutilãmeŋunyɔnuwo wɔwɔ kple agbe vlo nɔnɔ. Wonye ame siwo le fu kpem le dzomavɔ ƒe tohehe me la ƒe kpɔɖeŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa