Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 1:12 - Agbenya La

12 Le aboyomenɔnɔ le Babilonia megbe la, Yekonia dzi Sealtiel, Sealtiel dzi Zerubabel,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye esi wokplɔ wo yi ɖe Babilonia megbe la, Yexonya dzi Sealtiel, eye Sealtiel dzi Zerubabel;

Onani mutuwo Koperani




Mateo 1:12
20 Mawu Ofanana  

Fia Nebukadnezar ɖe aboyo ame akpe ewo (10,000) tso Yerusalem. Fiaŋumewo katã kple asrafo nyuitɔwo kple aɖaŋudɔwɔlawo kple nutala nyuitɔwo hã nɔ aboyomeawo dome. Ale ame siwo menya dɔwɔna aɖeke tututu o la ko wogblẽ ɖe anyigba la dzi.


Esi Evil Merodak, ame si wogayɔna be Awel Marduk zu fia le Babilonia la, ekpɔ nublanui na Yuda fia, Yehoyatsin eye wòna woɖee le gaxɔ me. Esia va eme le Yehoyatsin ƒe gamenɔnɔ ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-adrelia me le ɣleti wuievelia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-adrelia dzi.


Yehoyatsin, ame si wolé la ƒe dzidzimeviwoe nye, Via ŋutsu Sealtiel,


Tete Yozadak ƒe vi, Yesua, nɔvia nunɔlawo kple Sealtiel ƒe vi, Zerubabel kple woƒe kpeɖeŋutɔ bubuwo dze Israel ƒe Mawu la ƒe vɔsamlekpui la ɖiɖi gɔme be woasa numevɔwo le edzi, le nu si woŋlɔ ɖe Mawu ƒe ame, Mose ƒe Se la me nu.


Tete Zerubabel, Sealtiel ƒe vi kple Yesua, Yozadek ƒe vi, wogayi Mawu ƒe aƒe si le Yerusalem la gbugbɔtu ƒe dɔ dzi, eye Mawu ƒe Nyagblɔɖilawo nɔ wo gbɔ, nɔ kpekpem ɖe wo ŋu.


Nunɔla kple Levitɔ siwo trɔ gbɔ kple Zerubabel, Sealtiel ƒe vi kple Yesua la woe nye: Seraya, Yeremia, Ezra,


Yehowa be, “Meta nye agbe be, nenye wò, Yuda fia Yehoyatsin, Yehoyakim ƒe vie nye ŋkɔsigɛ le asibidɛ ɖusimetɔ ŋuti nam gɔ̃ hã la, maɖe wò aƒu gbe godoo.


Ɖe ŋutsu sia Yehoyatsin zu ze gbagbã ɖigbɔ̃ si dim ame aɖeke mele oa? Nu ka ta woatsɔ eya kple viawo aƒu gbe ɖe anyigba si womenya o la dzi?


Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Miŋlɔ nu tso ŋutsu sia ŋu abe ame si si vi mele o la ene, ame si nu madze edzi na le eƒe agbe me o; elabena eƒe dzidzimevi aɖeke makpɔ dzidzedze o, eye wo dometɔ aɖeke hã manɔ anyi ɖe David ƒe fiazikpui dzi alo agaɖu fia akpɔ le Yuda o.”


Nu siwo Babilonia fia, Nebukadnezar metsɔ dzoe o esi wòva lé Yuda fia Yehoyatsin, Yehoyakim ƒe vi, yi ɖe aboyome le Babilonia kpe ɖe Yuda kple Yerusalem ƒe ame ŋkutawo ŋuti.


Le Fia Darius ƒe dziɖuɖu ƒe ƒe evelia me le ɣleti adelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, Yehowa ƒe gbe va to Hagai, nyagblɔɖila la dzi na Yudatɔwo ƒe anyigbadziɖulagã, Zerubabel, Sealtiel ƒe vi kple nunɔlagã Yosua, Yehozadak ƒe vi dzi.


Tete Zerubabel, Sealtiel ƒe vi, Yosua, Yehozadak ƒe vi, nunɔlagã kple ame mamlɛawo katã ɖo to Nyagblɔɖila Hagai ƒe gbedeasi si wòxɔ tso Yehowa, woƒe Mawu la gbɔ elabena woxɔe se be Yehowa, woƒe Mawu lae dɔe eya ta ameawo vɔ̃ Yehowa eye wosubɔe.


Ale Yehowa de dzo Zerubabel, Sealtiel ƒe vi, ame si nye Yudatɔwo ƒe anyigbadziɖulagã kple Yosua, Yehozadak ƒe vi, nunɔlagã la kple ame mamlɛawo ƒe gbɔgbɔ me. Woƒo ƒu eye wodze Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, woƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ tutu gɔme


“Gblɔ na Zerubabel, Sealtiel ƒe vi, ame si nye Yudatɔwo ƒe anyigbadziɖulagã kple nunɔlaga Yosua, Yehozadak ƒe vi kple Yudatɔwo ƒe ame mamlɛawo eye nàbia wo be,


Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, “ ‘Le ŋkeke ma dzi la, matsɔ wò, nye dɔla Zerubabel, Sealtiel ƒe vi, Yehowae gblɔe eye mawɔ wò nye ŋkɔsigɛe elabena metia wò.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.”


Yosia dzi Yekonia kple nɔviawo le esime woɖe aboyo Israel dukɔa yi Babilonia.


Zerubabel hã dzi Abihud, Abihud dzi Eliakim, eye Eliakim dzi Azɔ.


Ale tso Abraham dzi va se ɖe Fia David dzi la, dzidzimeawo katã le wuiene, eye tso Fia David ŋɔli va se ɖe esime woɖe aboyo Israel yi Babilonia la, dzidzimeawo le wuiene, nenema ke tso aboyomenɔɣi va se ɖe Kristo dzi hã le dzidzime wuiene.


Yoana fofoe nye Resa, Resa fofoe nye Zerubabel, Zerubabel fofoe nye Sealtiel, Sealtiel fofoe nye Neri.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa