Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 1:1 - Agbenya La

1 Yesu Kristo nye Abraham kple Fia David ƒe dzidzimevi; eƒe dzidzimegbalẽ lae nye esi:

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Yesu Kristo, si nye Dawid vi, amesi nye Abraham vi la, ƒe dzidzimegbalẽ.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 1:1
39 Mawu Ofanana  

Mayra ame siwo ayra wò la, eye maƒo fi ade ame sia ame si aƒo fi ade wò la. Woayra xexea me blibo la ɖe tawò.”


Esiawoe nye dziƒo kple anyigba ƒe dzɔdzɔmenyawo, le wo wɔwɔ me le ɣeyiɣi si me Yehowa Mawu wɔ anyigba kple dziƒo.


eye woanye yayra na dukɔwo katã le anyigba dzi. Esiawo katã ava eme, elabena èɖo tom.”


Esiae nye Adam ƒe dzidzimeviwo ƒe ŋkuɖodzigbalẽ. Esi Mawu wɔ amegbetɔ la ewɔe ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme.


Yehowa ka atam na David; eka atam vavã si matu o la be, “Matsɔ wò ŋutɔ wò dzidzimevi aɖo fiae ɖe wò fiazikpui dzi.


Ègblɔ be, “Mebla nu kple nye ame tiatia, meka atam na David, nye dɔla be,


Ke boŋ eƒe ƒome anɔ anyi tegbee, eye eƒe fiazikpui ali ke le nye ŋkume abe ɣe ene.


Atilɔ aɖe adze tso Yese ƒe ke me; tso eƒe ke me la, atilɔ aɖe atse ku.


Wolée, hedrɔ̃ ʋɔnui, eye wokplɔe dzoe. Ame ka ate ŋu aƒo nu le eƒe dzidzimeviwo ŋuti? Woɖee ɖa le agbagbeawo ƒe anyigba dzi. Le nye amewo ƒe dzidadawo ta woƒoe ɖo.


Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna esime mana atilɔ dzɔdzɔe, aɖe nadze atso David ƒe ƒome me, anye fia si aɖu fia le nunya me eye wòawɔ nu si le eteƒe kple nu si le dzɔdzɔe le anyigba dzi.


ekema magbe Yakob ƒe dzidzimeviwo kple nye dɔla, David eye nyematia via ŋutsuwo dometɔ aɖeke be wòaɖu fia ɖe Abraham, Isak kple Yakob ƒe dzidzimeviwo dzi o, elabena matrɔ woƒe dzɔgbenyui na wo, eye makpɔ nublanui na wo.”


“Ekema le ɣe ma ɣi me la, “Magbugbɔ David ƒe agbadɔ atu, maɖɔ eƒe fiasã gbagbãwo ɖo, magaɖo eƒe aƒedowo te, eye magbugbɔ atui abe ale si wònɔ tsã ene,


Gbe ma gbe la, Yehowa atsɔ akpoxɔnu atsyɔ Yerusalem nɔlawo dzi, ale be ame gblɔetɔ kekeake si le wo dome la anɔ abe David ene, eye David ƒe aƒe la anɔ abe Mawu ene, anɔ abe Yehowa ƒe dɔla si dze ŋgɔ na wo la ene.


Yesu Kristo dzidzi va yi ale: Wodo Maria, Yesu dada ŋugbe na Yosef be wòaɖe, gake hafi woava kpe la, wokpɔ be Maria fɔ fu to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me.


Abraham dzi Isak, Isak dzi Yakob, eye Yakob dzi Yuda kple nɔviawo,


Kanan nyɔnu aɖe si le afi ma la va egbɔ va ɖe kuku nɛ vevie be, “O, Aƒetɔ, Fia David ƒe Vi, kpɔ nye nublanui! Gbɔgbɔ vɔ̃ ge ɖe vinye nyɔnuvi me, eye wòwɔa fui ɣe sia ɣi.”


Esi wòde mawutsi ta nɛ vɔ, eye wònɔ go dom le tsia me la, dziƒo nu ʋu, eye Yesu kpɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ le akpakpa ƒe nɔnɔme me, wònɔ ɖiɖim ɖe edzi.


Esime Yesu do go le aƒea me yina la, ŋkuagbãtɔ eve kplɔe ɖo henɔ ɣli dom be, “O, Fia David ƒe Vi, kpɔ nublanui na mí.”


Ale wòaɖu fia ɖe Yakob ƒe aƒe dzi, eye eƒe fiaɖuƒe mawu nu akpɔ o.”


Ɖe mawunya megblɔ be Kristo la atso David ƒe ƒome me kple Betlehem, du si me David nɔ la me oa?”


Ke enye nyagblɔɖila, eye enya be Mawu do ŋugbe matrɔmatrɔ da ɖi be David ƒe dzidzimevi ɖeka ava nɔ eƒe fiazikpui dzi aɖu fia.


tso Via, Yesu Kristo, ame si va xexea me abe amegbetɔ ene, eye wodzii abe David ƒe tɔgbuiyɔvi ene la ŋu.


Menye to se la mee Abraham kple eƒe dzidzimeviwo xɔ ŋugbedodo la le be anye xexea me ƒe domenyila o, ke boŋ to dzɔdzɔenyenye si tso xɔse mee.


Wonye fofoawo ƒe dzidzimeviwo, dzidzime siwo me Kristo dzɔ tso le ŋutilã nu, ame si nye Mawu ɖe nuwo katã dzi, ame si wokafuna tegbee la! Amen.


Ŋugbedodo la nye Abraham kple eƒe dzidzimeviwo tɔ. Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la megblɔ be “na dzidzimeviwo o” si gɔmee nye ame geɖewo, ke boŋ “na wò dzidzimeviwo” si gɔmee nye ame ɖeka si nye Kristo.


Yesu Kristo, ame si va xexea me abe amegbetɔ ene la koe va dzra Mawu kple amegbetɔwo dome ɖo.


Ɖo ŋku Yesu Kristo, ame si wofɔ tso ku me, eye wòdzɔ tso David ƒe ƒome me la dzi. Esiae nye nye nyanyui la,


“Nye, Yesue dɔ nye mawudɔla be wòatsɔ ɖaseɖiɖi siawo na wò hena hameawo. Nyee nye Ke tso David me kple eƒe dzidzimevi. Nyee nye Ŋukeɣletivi Keklẽ la.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa